Fiawo
ƒe agbalẽ gbãtɔ
1
Adoniya ɖo eɖokui fiae
Esi Fia David tsi xɔ ƒe geɖe la, vuvɔ wɔnɛ ale gbegbe be, ne wotsyɔ avɔ geɖe nɛ hã la, vuvɔ gawɔnɛ kokoko. Esia ta eƒe dɔlawo gblɔ nɛ be, “Na míadi ɖetugbi si menya ŋutsu o la ne wòanɔ fia la gbɔ anɔ edzi kpɔm. Ate ŋu amlɔ egbɔ ale be wòade dzo lãme na míaƒe aƒetɔ, fia la.”
Wodi nyɔnuvi dzetugbe aɖe le Israelnyigba blibo la dzi, wokpɔ Abisag, Sunamitɔ la eye wokplɔe vɛ na fia la. Nyɔnuvia dze tugbe ŋutɔ. Elé be na fia la eye wòsubɔe gake fia la medɔ kplii o.
Le ɣeyiɣi ma me la, David ƒe viŋutsu, Adoniya, ame si dadae nye Hagit la ɖo be yeatsɔ ye ɖokui aɖo fiae ɖe ye fofo amegãɖeɖi la teƒe. Ale wòdi tasiaɖamwo kple sɔdolawo kple ame blaatɔ̃ siwo anɔ du ƒum le fia la ŋgɔ la na eɖokui. Azɔ fofoa, David, mehe nya ɖe eŋu kpɔ alo he to nɛ kpɔ le eƒe agbe me o. Enye ɖekakpui dzeɖekɛ aɖe eye eyae dzɔ ɖe Absalom yome.
Adoniya he Aʋafia Yoab kple nunɔla Abiata ɖe eƒe akpa dzi eye wodo ŋugbe nɛ be, yewoakpe ɖe eŋu wòazu fia. Ke ame siwo ganɔ Fia David yome eye womede Adoniya dzi o la dometɔ aɖewoe nye, Zadok kple Benaya, ame siwo nye nunɔlawo, Nyagblɔɖila Natan, Simei, Rei kple David ƒe aʋafiawo.
Adoniya yi En Rogel eye wòtsɔ alẽwo, nyitsuwo kple gbɔ̃vi damiwo sa vɔe le Sohelet kpe la gbɔ. Ebia tso Fia David ƒe viŋutsu bubuawo katã kple fiaŋume siwo katã nɔ Yuda la si be woava kpɔ ale si woaɖo fia ye la teƒe. 10 Ke mekpe Nyagblɔɖila Natan kple Benaya kple aʋafia siwo le David dzi kple nɔvia ŋutsu, Solomo ya o.
11 Nyagblɔɖila Natan yi Batseba, Solomo dada gbɔ eye wòbiae be, “Ènya be Hagit ƒe vi, Adoniya, zu fia azɔ eye míaƒe aƒetɔ David menya naneke tso eŋu oa? 12 Ne èdi be yeaɖe ye ŋutɔ ƒe agbe kple ye vi Solomo tɔ la, ekema nàwɔ nu si magblɔ na wò la pɛpɛpɛ. 13 Yi Fia David gbɔ enumake eye nàbiae be, ‘Nye aƒetɔ, menye wòe do ŋugbe nam be vinye Solomo aɖu fia ɖe ye yome eye wòanɔ yeƒe fiazikpui dzi oa? Ekema nu ka ta Adoniya le fia ɖum?’ 14 Ne èle nu ƒom kplii ko la, mava ɖo kpe nya si gblɔm nèle la dzi.”
15 Ale Batseba yi fia la ƒe xɔ gã me. Fia la tsi ŋutɔ azɔ eye Abisag nɔ esubɔm. 16 Batseba bɔbɔ hede ta agu ɖe fia la ŋkume.
Fia la biae be, “Nu kae hiã wò?”
17 Eɖo eŋu nɛ be, “Nye aƒetɔ, wò ŋutɔe ka atam na nye, wò dɔla, le Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ me be, ‘Viwò Solomo aɖu fia ɖe yonyeme eye wòanɔ nye fiazikpui dzi.’ 18 Ke Adoniya boŋ va zu fia fifia eye wò, nye aƒetɔ, fia la, mènya naneke tso eŋu gɔ̃ hã o. 19 Etsɔ nyitsuwo, nyivi damiwo kple alẽwo sa vɔe le eƒe fiaɖogbe eye wòkpe fia la ƒe viŋutsuwo katã, nunɔla Abiata kple Aʋafia Yoab, ke mekpe Solomo, wò dɔla, ya o. 20 Azɔ la, nye aƒetɔ kple fia, Israel blibo la ƒe ŋku le dziwò be woanya ame si anɔ nye aƒetɔ, fia la ƒe fiazikpui dzi aɖu fia ɖe eyome. 21 Ne menye nenema o la, ne wotsɔ nye aƒetɔ, fia la mlɔ anyi be wòadzudzɔ le fofoawo gbɔ teti ko la, woawɔ fu nye kple vinye Solomo abe hlɔ̃dolawoe míenye ene.”
22 Esi wòganɔ nu ƒom kple fia la ko la, Nyagblɔɖila Natan va do. 23 Wogblɔ na fia la bena, “Nyagblɔɖila Natan le diwòm.” Ale wòdo ɖe fia la gbɔ eye wòde ta agu nɛ.
24 Natan gblɔ be, “Ɖe wò, nye aƒetɔ, fia ɖe gbeƒã be Adoniya aɖu fia ɖe tewòƒe eye be wòanɔ wò fiazikpui dzia? 25 Egbe la, etsɔ nyitsuwo, nyivi damiwo kple alẽwo sa vɔe eye wòkpe fia la ƒe viŋutsuwo katã. Ekpe Aʋafia Yoab kple nunɔla Abiata hã, wole nu ɖum eye wole nu nom kplii fifi laa. Wole ɣli dom be, ‘Fia Adoniya nanɔ agbe tegbee!’ 26 Ke mekpe nye, wò dɔla Zadok, nunɔla la kple Benaya, Yehoiada ƒe vi kple wò dɔla Solomo ya o. 27 Ɖe esia nye nane si nye aƒetɔ, fia la wɔ, ke mena eƒe dɔlawo nya ame si anɔ nye aƒetɔ ƒe fiazikpui dzi aɖu fia ɖe eteƒe oa?”
David na Salomo zu fia
28 Fia la gblɔ be, “Miyɔ Batseba nam!” Ale Batseba gbugbɔ va xɔ la me eye wòtsi tsitre ɖe fia la ŋkume.
29 Tete fia la ka atam be, “Esi Yehowa, ame si ɖem tso dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe me le agbe la, 30 meka atam bena viwò Solomoe aɖu fia ɖe yonyeme eye wòanɔ nye fiazikpui dzi abe ale si meka atam na wò le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋkume kpɔ ene.”
31 Batseba gabɔbɔ, gade ta agu le Fia la ŋkume eye wòdo ɣli be, “Oo, nye aƒetɔ, meda akpe na wò. Nye aƒetɔ, fia la nanɔ agbe tegbee!”
32 Fia David ɖe gbe be, “Miyɔ Zadok, nunɔla la kple Natan, nyagblɔɖila la kple Benaya, Yehoiada ƒe vi, ɖa!” Esi wova la, 33 egblɔ na wo be, “Kplɔ wò aƒetɔ ƒe subɔlawo, nàtsɔ vinye Solomo ɖo nye ŋutɔ nye tedzi dzi eye nàkplɔe yi Gihon. 34 Na Nunɔla Zadok kple Nyagblɔɖila Natan nasi ami na Solomo le afi ma abe Israel fia ene. Ekema miaku kpẽ eye miado ɣli be, ‘Fia Solomo nanɔ agbe tegbee!’ 35 Ne miekplɔe gbɔ va ɖo afi sia la, mina wòanɔ anyi ɖe nye fiazikpui dzi abe fia yeye la ene elabena metiae be wòanye fia na Israel kple Yuda.”
36 Benaya, Yehoiada ƒe vi, gblɔ be, “Neva eme! Yehowa, wò Mawu la naɖo kpe edzi. 37 Yehowa nanɔ kple Solomo abe ale si wònɔ kple wò ene eye Mawu nana Solomo ƒe fiaɖuɖu nadze edzi wu wò ŋutɔ tɔ gɔ̃ hã!”
38 Ale Nunɔla Zadok, Nyagblɔɖila Natan, Benaya kple David ŋu dzɔlawo kplɔ Solomo yi Gihon eye Solomo do Fia David ƒe tedzisɔ. 39 Zadok tsɔ lãdzo si me ami kɔkɔe le la tso Agbadɔ la me yi Gihon eye wòkɔe ɖe tame na Solomo. Woku kpẽawo eye ameawo katã do ɣli be, “Fia Solomo nanɔ agbe tegbee!” 40 Le esia megbe la, wo katã wotrɔ va Yerusalem eye wonɔ dzidzɔɣli dom le mɔa dzi.
41 Adoniya kple eƒe ame kpekpewo se dzidzɔɣli la esime wonɔ woƒe nuɖuɖu kple nunono la nu wum. Yoab bia be, “Nya kae le dzɔdzɔm? Nu ka ta ɣli le ɖiɖim bobobo ale le dua me?”
42 Yoab mekpɔ ɖe nu le nya siawo me hafi Yonatan, nunɔla Abiata ƒe vi, ƒu du va do ɖe wo dzi o. Adoniya gblɔ nɛ be, “Ge ɖe eme elabena ame nyuie nènye. Nya nyui aɖe anya nɔ asiwò kokoko.”
43 Yonatan ɖo eŋu na Adoniya be, “Ao! Míaƒe aƒetɔ, Fia David, tsɔ Solomo ɖo fiae. 44 Fia la ɖoe ɖa kple nunɔla Zadok, Nyagblɔɖila Natan, Benaya, Yehoiada ƒe vi, Keretitɔwo kple Peletitɔwo eye wodae ɖe fia ƒe tedzisɔ dzi. 45 Nunɔla Zadok kple Nyagblɔɖila Natan si ami nɛ heɖoe fiae le Gihon. Wole aseye tsom tso afi ma eye du blibo la hã gli kple aseyetsotso. Eyae nye ɣli si sem miele. 46 Gawu la, Solomo nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi. 47 Hekpe ɖe esia ŋu la, fiaŋumewo va yra míaƒe aƒetɔ, Fia David eye wogblɔ nɛ be, ‘Wò Mawu nana Solomo ƒe ŋkɔ nade dzi wu tɔwò eye eƒe fiazikpui nali ke wu tɔwò!’ Fia la de ta agu le eƒe aba dzi, subɔ Mawu 48 eye wogblɔ be, ‘Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si na be nye ŋkuwo kpɔ ame si anɔ nye fiazikpui dzi egbe.’ ”
49 Vɔvɔ̃ ɖo Adoniya ƒe ame kpekpewo katã eye wokaka gbẽe. 50 Ke Adoniya ƒe vɔvɔ̃ na Solomo na wòyi ɖalé vɔsamlekpui la ƒe dzowo ɖe asi. 51 Wogblɔ na Solomo be, “Adoniya le vɔvɔ̃m na Fia Solomo eye wòle sitsoƒe dim le agbadɔ la me. Adoniya gblɔ be, ‘Mina Fia Solomo naka atam nam egbe be yematsɔ yi awu eƒe subɔla o.’ ”
52 Fia Solomo gblɔ be, “Ne elé eɖokui nyuie la, ame aɖeke mawɔ nuvevi aɖekee o, ke ne melé eɖokui nyuie o la, aku.” 53 Ale Fia Solomo na woyi ɖakplɔe tso vɔsamlekpui la gbɔ vɛ. Esi wòva ɖo la, ebɔbɔ, de ta agu le fia la ŋkume. Solomo gblɔ nɛ kpuie ko be, “Yi wò aƒe me!”