5
Na ame tsitsiwo kple ɖekakpuiwo
Nye, ame si nye hamemegã, Kristo ƒe fukpekpewo ƒe ɖaseɖila kple ame si hã akpɔ gome le ŋutikɔkɔe si woaɖe afia la me la le edom ɖe hamemegã siwo le mia dome la gbɔ be mianye Mawu ƒe alẽha si wòtsɔ de miaƒe dzikpɔkpɔ te la ƒe kplɔlawo, mikpɔ wo ta, eye menye abe dɔdeasi ko ene o, ke boŋ kple dzidzɔ kple lɔlɔ̃nu nyui, abe ale si Mawu di tso mia si be miawɔ ene. Menye kple ŋukeklẽ ɖe ga ŋuti o, ke boŋ kple subɔsubɔ ƒe didi nyui, be miagaɖu tɔ ɖe hame si dzikpɔlawo woɖo mi la dzi o, ke boŋ mianye kpɔɖeŋu na alẽha la. Ekema ne Alẽkplɔlagã la ado la, miaxɔ ŋutikɔkɔefiakuku si ƒe keklẽ maklo akpɔ gbeɖe o.
Nenema ke, mi ɖekakpuiwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na ame tsitsiwo. Mido ɖokuibɔbɔ abe awu ene na mia ɖokuiwo, ale be miate ŋu asubɔ mia nɔewo, elabena,
“Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu,
ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la nu.”
Eya ta azɔ la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, be ne ɣeyiɣi si wòɖo la de la, wòakɔ mi ɖe dzi. Mitsɔ miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã da ɖe eya amea dzi, elabena eléa be na mi.
Miɖu mia ɖokuiwo dzi, eye minɔ ŋudzɔ. Miaƒe futɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata si le gbe tem, le nu dim ne wòavuvu la ene. Minɔ te ɖe enu, minɔ tsitre sesĩe le xɔse la me, elabena mienyae be mia nɔvi siwo le xexea me godoo la le fukpekpe mawo ke me tom.
10 Amenuveve katã ƒe Mawu la, ame si yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo me, le fukpekpe sue aɖe ko megbe la, ŋutɔ aɖo mi te, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mia gɔme anyi. 11 Eya tɔ nanye ŋusẽ tso mavɔ me, yi mavɔ me. Amen.
 
Nuwunyawo kple gbedonamewo
12 Meŋlɔ nu kpui sia ɖo ɖe mi to nɔvi Silvano, ame si mebu nɔvi nuteƒewɔla la ƒe kpekpeɖeŋu me, le ŋusẽ dom mi kple ɖaseɖiɖi be esiae nye Mawu ƒe amenuveve nyateƒetɔ la. Minɔ te sesĩe le eme.
 
13 Mia nɔvi si nye hame si le Babilonia, si wotia kpe ɖe mia ŋu la do gbe na mi vevie. Nenema ke, vinye Marko hã do gbe na mi nyuie.
14 Mitsɔ lɔlɔ̃ do gbe na mia nɔewo abe Kristotɔ vavãwo ene.
 
Ŋutifafa na mi ame siwo katã le Kristo me.