2
Hana ƒe gbedodoɖa
Hana do gbe ɖa be,
“Nye dzi le aseye tsom le Yehowa me;
le Yehowa me nye dzo de dzi bobobo.
Nye nu ʋu ɖe nye futɔwo ŋu
eye medzɔ dzi le wò ɖeɖe la me.
 
“Ame aɖeke mele kɔkɔe abe Yehowa ene o!
Bubu aɖeke megali o kpe ɖe ŋutiwò o.
Eye Agakpe aɖeke meli abe míaƒe Mawu ene o.
 
“Mèganɔ nu ƒom dadatɔe nenema o,
elabena Yehowae nye Mawu si nya nu sia nu
eye wòdaa miaƒe nuwɔnawo kpɔna.
 
“Woŋe ŋusẽtɔwo ƒe aŋutrɔwo
ke ame beliwo la, etsɔ ŋusẽ bla ali dzi na wo.
Ame siwo ɖi ƒo tsã la, tsɔ wo ɖokui ɖo awɔbae na nuɖuɖu,
ke ame siwo dɔ wu tsã la, dɔ megale wo wum o.
Ame si tsi ko tsã la dzi vi adre azɔ,
ke ame si si vi adre nɔ la ƒe vidzidɔ lé ayi.
 
“Yehowa wua ame gagbɔa agbe ame;
enana woyia yɔ me eye wògafɔa ame tso yɔ me.
Yehowa ɖoa ahedada ɖa
eye eya kee gaɖoa hokpɔkpɔ ɖa;
eyae bɔbɔa ame ɖe anyi eye
eya kee gadoa ame ɖe dzi.
Eyae ɖea ame dahe tso ke me
eye wòfɔa hiãtɔ tso afi me
enaa zikpui wo ɖe dziɖulawo xa
eye wònaa wonyia dome kple bubu ƒe fiazikpui.
 
“Elabena Yehowa tɔe nye anyigba ƒe gɔmeɖokpe;
eya dzie wòɖo xexea me gɔme anyi ɖo.
Adzɔ eƒe ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋu,
ke ɖoɖoe azi le ame vɔ̃ɖiwo nu le viviti me.
 
“Menye kalẽ me ame tona ɖua dzi o;
10 ame siwo tso ɖe Yehowa ŋu la, woakaka wo.
Dziƒoʋĩtɔ la aɖe gbe ɖe wo dzi tso dziƒo;
Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu Anyigba ƒe mlɔenu ke hã.
 
“Ana ŋusẽ eƒe fia la
eye wòakɔ eƒe amesiamina la ƒe dzo ɖe dzi.”
11 Ale Elkana yi aƒe me le Rama, ke ɖevi la subɔ le Yehowa ŋkume le nunɔla Eli ƒe kpɔkplɔ te.
Eli viŋutsuwo ƒe nu tovo wɔwɔ
12 Azɔ Eli viŋutsuwo nye nu tovo wɔlawo, ame siwo mevɔ̃a Yehowa 13 loo alo dea bubu nunɔlawo ƒe dɔdeasiwo na dukɔ la ŋu o. Ne ame aɖe va sa vɔ la, nunɔla la ƒe dɔla la vana léa gaflo nuetɔ̃ ɖe asi esime vɔsalã la le dzo dzi. 14 Dɔla la tsɔa gaflo la ƒona ɖe gaze, kutu, agba alo nuɖaze si me wole lã la ɖam le la me eye nu sia nu si ke gaflo la tɔ la etsɔnɛ doa goe na nunɔla. Aleae wowɔna le Silo ɖe Israelvi ɖe sia ɖe si vaa afi ma la ŋuti. 15 Gawu la, hafi woatɔ dzo lãmia la nunɔla la ƒe dɔla vana gblɔna na ame si le vɔ la sam la be, “Tsɔ lã la ƒe ɖe na nunɔlaa be wòame elabena maxɔ lã ɖaɖa le asiwò o negbe mumua ko.”
16 Ne ame si le vɔ la sam gblɔ be, “Àte ŋu atsɔ lã si dze ŋuwò, gake ele be woatɔ dzo lãmi la gbã abe ale si woɖoe da ɖi ene” la, subɔla la gblɔna be, “Ao, ne mèɖe asi le eŋu nam fifi laa o la, matsɔe sesẽtɔe!”
17 Ale ɖekakpui siawo ƒe nu vɔ̃ tri akɔ le Yehowa ƒe ŋkume elabena wodoa vlo ameawo ƒe vɔ siwo wosana na Yehowa.
18 Ke Samuel ya subɔna le Yehowa ŋkume, enye ɖevi si doa aklala biɖibiɖi ƒe kɔmewu. 19 Dadaa tɔa awu ʋlaya sue aɖe nɛ ƒe sia ƒe ne eya kple srɔ̃a gbɔna vɔsaƒe. 20 Eli yraa Elkana kple srɔ̃a Hana gblɔna be, “Yehowa nana nyɔnu sia nadzi viwo na wò ne woaxɔ ɖe esi wòdo gbe ɖa bia gagbugbɔ tsɔ na Yehowa la teƒe.” Ale wodzona yina ɖe wo de. 21 Yehowa ve Hana nu wòdzi viŋutsu etɔ̃ kple vinyɔnu eve ɖe Samuel yome. Ale Samuel tsi ɖe edzi le Yehowa ƒe ŋkume.
22 Eli zu amegãɖeɖi aɖe azɔ gake enya nu siwo katã viawo nɔa wɔwɔm ɖe Israel blibo la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, enya be ye viŋutsuwo nɔ ahasi wɔm kple ɖetugbi siwo wɔa subɔsubɔdɔwo le Agbadɔ la me. 23 Egblɔ na viawo be, “Nu ka ta miele nu vɔ̃ɖi sia wɔm? Ame sia ame le nu ƒom le miaƒe agbe vlo nɔnɔ ŋu nam. 24 Nya siwo sem mele tso mia ŋu la, menya sena kura o. Miele Yehowa ƒe amewo kplɔm de nu vɔ̃ me. 25 Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe nɔvia amegbetɔ ŋu la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnui. Ke ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu la, ame kae aɖe kuku ɖe enu?” Togbɔ be wo fofo gbe nya na wo alea hã la, womeɖo toe o elabena Yehowa ɖo be yeawu wo.
26 Samuel, ɖevi sue la, nɔ tsitsim ɖe edzi, enye ame sia ame ƒe lɔlɔ̃tɔ eye eƒe nu nyo Yehowa hã ŋu.
Nyagblɔɖi tso Eli ƒe aƒegbegblẽ ŋuti
27 Gbe ɖeka la, Mawu ƒe ame aɖe va Eli gbɔ eye wògblɔ nya siawo, siwo tso Yehowa gbɔ la nɛ. “Ɖe nyemeɖe nye ŋusẽ fia esi Israelviwo nye kluviwo le Egiptenyigba dzi oa? 28 Ɖe nyemetia mia tɔgbi Levi tso Israel towo katã dome be wòanye nunɔla nam, be wòasa vɔ le nye vɔsamlekpui dzi, wòatsɔ nu ʋeʋĩ ado dzudzɔ nam eye wòado nunɔlawo ƒe awu ne ele subɔyem oa? Eye ɖe nyemetsɔa vɔsanuwo naa mi nunɔlawo oa? 29 Ekema nu ka ta miele ŋu klẽm ale ɖe vɔsanu bubu siwo ameawo tsɔna vanɛ nam la ŋu? Nu ka ta nède bubu viwòwo ŋu wu ŋunye? Nu nyui siwo Israel, nye amewo tsɔna vanɛ la na be wò kple woawo siaa mieda ami!
30 “Eya ta Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Medo ŋugbe be wò kple fofowò ƒe aƒe asubɔ le ŋkunye me tegbee.’ Ke azɔ la Yehowa be, ‘Esia nete ɖa xaa tso gbɔnye! Ame siwo de bubu ŋutinye la, made bubu wo ŋu, ke ame siwo do vlom la, woaɖu ŋukpe. 31 Ɣeyiɣi la gbɔna esi maɖe wò kple fofowò ƒe aƒe ƒe ŋusẽ dzi akpɔtɔ ale be amegãɖeɖi aɖeke manɔ wò ƒomea me o, 32 eye àkpɔ xaxa le nye nɔƒe la me. Togbɔ be woawɔ nyui na Israel hã la, ke wò ƒome me ya la, amegãɖeɖi manɔ anyi akpɔ gbeɖe o. 33 Mia dometɔ ɖe sia ɖe si nyemeɖe ɖa le nye vɔsamlekpui ŋgɔ o la atsi agbe, gake woana aɖatsi natsyɔ wò ŋkuwo dzi eye woahe dzigbagbã vɛ na wò. Ale wò dzidzimeviwo katã aku le woƒe ɖekakpui dzodzoe me.
34 “ ‘Azɔ nu si ava dzɔ ɖe viwò ŋutsu eveawo, siwo nye Hofni kple Finehas dzi anye dzesi na wò; wo ame evea katã woaku le ŋkeke ɖeka dzi. 35 Maɖo nunɔla nuteƒewɔla na ɖokuinye ame si awɔ ɖe nu si meɖo ɖe nye dzi me kple ta me la dzi. Mali ke eƒe aƒe la sesĩe eye wòasubɔ le nye amesiamina la ƒe ŋkume ɖaa. 36 Ekema ame sia ame si susɔ ɖe wò ƒome la me ava de ta agu ɖe eŋkume abia klosaloga ɖeka alo abolo kakɛ aɖe kple kukuɖeɖe be, “De nunɔla ƒe dɔ aɖe asi nam ale be mate ŋu akpɔ nu vi aɖe aɖu.” ’ ”