Fiawo
ƒe agbalẽ evelia
1
Yehowa ƒe tohehe va Ahazia dzi
Le Fia Ahab ƒe ku megbe la, Moab dze aglã ɖe Israel ŋu. Azɔ la, Ahazia ge tso eƒe fesre nu le eƒe dziƒoxɔ dzi le Samaria eye nuvevi wɔe eya ta wòdɔ dɔlawo gblɔ na wo be, “Miyi miabia nu le Ekrontɔwo ƒe mawu, Baal Zebub gbɔ nam ne miakpɔe ɖa be mahaya tso dɔléle sia me mahã.”
Ke mawudɔla aɖe gblɔ na Nyagblɔɖila Eliya, Tisbitɔ la be, “Yi nàdo go ame siwo Samaria fia dɔ eye nàbia wo be, ‘Nyateƒee wònye be Mawu aɖeke mele Israel oa? Eya ta mieyina Baal Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawu gbɔ be miabia ne fia la ƒe lãme asẽa?’ Azɔ nu si Yehowa gblɔe nye esi. ‘Màfɔ le aba si dzi nèmlɔ la dzi o; àku godoo!’ ” Ale Eliya yi.
Esi ame dɔdɔawo trɔ va fia la gbɔ la, fia la bia wo be, “Nu ka ta mietrɔ gbɔ?”
Woɖo eŋu be, “Ŋutsu aɖe va tu mí eye wògblɔ na mí be, ‘Mitrɔ yi fia si dɔ mi la gbɔ eye miagblɔ nɛ be, “Nu si Yehowa gblɔe nye: Ɖe Mawu aɖeke mele Israel o tae nèle amewo dɔm be woaɖabia gbe Baal Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawua? Eya ta màfɔ le aba si dzi nèmlɔ la dzi o. Àku godoo!” ’ ”
Fia la bia be, “Ame kae nye ŋutsu sia? Aleke eƒe dzedzeme le?”
Woɖo eŋu nɛ be, “Enye ŋutsu aɖe si ŋu fu le kpedzee, ebla ali dzi kple alidziblaka keke aɖe si wowɔ kple lãgbalẽ.”
Tete fia la do ɣli be, “Eliya, Tisbitɔ lae!”
Eɖo aʋakplɔla ɖeka kple asrafo blaatɔ̃ ɖa be woayi aɖalée vɛ. Wokpɔe wònɔ anyi ɖe togbɛ aɖe dzi. Aʋakplɔla la gblɔ nɛ be, “Oo, Mawu ƒe ame, fia la ɖe gbe be nàzɔ kpli mí ava ye gbɔ.”
10 Eliya ɖo eŋu be, “Nenye Mawu ƒe amee menye tututu la, ekema dzo nage tso dziƒo eye wòafia wò kple wò ame blaatɔ̃awo!” Enumake dzo ge tso dziƒo eye wòfia aʋakplɔla la kple ame blaatɔ̃wo katã.
11 Ale fia la gaɖo aʋakplɔla bubu aɖe kple asrafo blaatɔ̃ bubu ɖa be woagblɔ nɛ be, “Oo, Mawu ƒe ame, fia la be nàva ye gbɔ fifi laa!”
12 Eliya gblɔ na wo be, “Nenye Mawu ƒe amee menye tututu la, ekema dzo nage tso dziƒo eye wòafia wò kple wò ame blaatɔ̃awo!” Ale Mawu ƒe dzo ge tso dziƒo eye wòfia woawo hã.
13 Fia la gaɖo aʋakplɔla kple ame blaatɔ̃ bubu ɖa. Azɔ ya la, aʋakplɔla la dze klo ɖe Eliya ƒe akɔme eye wòɖe kuku nɛ be, “Oo, Mawu ƒe ame, meɖe kuku, na nye kple wò dɔla blaatɔ̃ siawo míatsi agbe. 14 Kpɔ ɖa, dzo ge tso dziƒo hefia aʋakplɔla gbãtɔ eveawo kple woƒe amewo. Ke azɔ la, na nye agbe naxɔ asi le gbɔwò!”
15 Yehowa ƒe dɔla aɖe gblɔ na Eliya be, “Mègavɔ̃ o, Yi kpli wo.” Ale Eliya yi fia la gbɔ.
16 Eliya gblɔ na fia la be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi. Esi Mawu aɖeke mele Israel be nàbia gbee o tae nèɖo amewo ɖa be woaɖabia gbe Baal Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawu la? Esi nèwɔ esia ta la, màfɔ le aba si dzi nèmlɔ la dzi akpɔ gbeɖe o; àku godoo!”
17 Ale Ahazia ku abe ale si Yehowa gblɔe da ɖi to Eliya dzi la ene eye nɔvia Yehoram zu fia ɖe eteƒe elabena viŋutsu aɖeke menɔ esi aɖu fia ɖe eyome o. Nya sia dzɔ le Yuda fia Yehoram, Yehosafat ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me. 18 Woŋlɔ nu bubuwo tso Ahazia ƒe fiaɖuɖu ŋu ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.