Samuel
ƒe agbalẽ evelia
1
David se Saul ƒe ku
Le Saul ƒe ku megbe la. David trɔ va Ziklag le esime wòɖu Amalekitɔwo dzi vɔ megbe eye wònɔ afi ma ŋkeke eve. Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, ame aɖe tso Saul ƒe asaɖa me eƒe awuwo vuvu eye ke nɔ tame nɛ. Ede ta agu eye wòbɔbɔ ɖe David ŋkume kple bubu.
David biae be, “Afi ka nètso?”
Eɖo eŋu be, “Mesi tso Israel ƒe asaɖa me.”
David yi edzi be, “Nya kae dzɔ? Gblɔe nam.”
Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Aʋa si ameawo eye wo dometɔ geɖewo ku. Saul kple via Yonatan hã ku.”
Tete David bia ɖekakpui si tsɔ du la vɛ nɛ la be: “Aleke nèwɔ nya be Saul kple via Yonatan ku?”
Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Menɔ Gilboa to la dzi eye mekpɔ Saul wòtɔ eɖokui ɖe eƒe akplɔ nu le esime futɔwo ƒe tasiaɖamwo nɔ to ɖem ɖee. Esime wònye kɔ la, ekpɔm yɔm eye mebiae be, ‘Nu ka mawɔ na wò?’
“Ebiam be, ‘Ame ka nènye?’
“Meɖo eŋu be ‘Amalekitɔe menye.’
“Tete wògblɔ nam be, ‘Va, tsi tsitre ɖe gbɔnye eye nàwum! Meɖo kudo nu gake agbe gale menye ko.’
10 “Ale mete ɖe eŋu hewui elabena menyae be ale si wòdze anyii la, maganɔ agbe o. Meɖe fiakuku la le ta nɛ kple abɔga si wòdo eye metsɔ wo va afii na nye aƒetɔ.”
11 David kple eƒe amewo dze woƒe awuwo esi wose nya sia. 12 Wofa konyi, fa avi eye wotsi nu dɔ va se ɖe fiẽ ɖe Saul kple via Yonatan kple Yehowa ƒe aʋakɔ kple Israel ƒe aƒe la ta elabena wotsi yi nu.
13 David bia ɖekakpui si gblɔ nya la nɛ be, “Afi ka nètso?”
Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Amalekitɔ aɖe si nye amedzro la ƒe viŋutsue menye.”
14 David biae be, “Nu ka ŋuti mèvɔ̃ o eye nèdo wò asi ɖa wu Yehowa ƒe amesiamina la?” 15 Enumake David yɔ eƒe amewo dometɔ ɖeka eye wògblɔ nɛ be, “Yi, nàƒu nui ƒu anyi!” Ale wòyi ɖaƒu nui ƒu anyi eye wòku.
16 Elabena David gblɔ nɛ be, “Wò ʋu ava wò ŋutɔ wò ta dzi. Wò ŋutɔ wò nue ɖu ɖasefo ɖe ŋuwò esi negblɔ be, ‘Mewu Yehowa ƒe amesiamina la.’ ”
David fa Saul kple Yonatan
17 David kpa konyifaha sia tso Saul kple via Yonatan ŋu 18 eye wòde se na Yuda ŋutsuwo be woafia aŋutrɔ ƒe konyifaha sia abe ale si woŋlɔe ɖe Yasar ƒe agbalẽ me ene.
19 “Oo, Israel, wò ŋutikɔkɔe
Nye ekema wowu ɖe wò towo dzi.
Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale!
 
20 “Migagblɔe le Gat o;
migaɖe gbeƒãe le Askelon ƒe ablɔwo dzi o.
Ne menye nenema o la, Filistitɔwo ƒe vinyɔnuwo
akpɔ dzidzɔ eye bolotɔwo ƒe vinyɔnuwo atso aseye.
 
21 “Oo, mi Gilboa towo,
zãmu alo tsi magadza ɖe mia dzi o,
eye miaƒe anyigbawo magawɔ nuku o.
Elabena afi ma, wodo gu kalẽtɔ ƒe akpoxɔnu le,
Saul ƒe akpoxɔnu le abe ɖe womegasi ami ɖe eŋu o ene.
 
22 “Yonatan ƒe aŋutrɔ metrɔ gbɔ ƒuƒlu
eye Saul ƒe yi metrɔ gbɔ numagblemagblẽ
tso aʋatsilawo ƒe ʋu me
kple kalẽtɔwo ƒe ŋutilã ŋu o,
23 Saul kple Yonatan,
le agbe me la, wolɔ̃ wo eye wovea ame nu.
Le ku me hã wo me mema o.
Woɖi du wu hɔ̃wo, eye wosẽ wu dzatawo.
 
24 “O Israel vinyɔnuwo,
mifa avi na Saul
ame si ta aɖabɛvɔ na mi eye wòtsɔ nu nyuiwo na mi
ame si ɖo atsyɔ̃ na miaƒe awuwo kple sikanuwo.
 
25 “Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale!
Eye wowu Yonatan le wò toawo dzi.
26 Nɔvinye Yonatan, tɔwò le veyem
elabena èxɔ asi nam vevie ŋutɔ.
Wò lɔlɔ̃ nam de to ŋutɔ
ede to wu nyɔnuwo ƒe lɔlɔ̃ gɔ̃ hã.
 
27 “Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale!
Eye woƒe aʋawɔnuwo katã hã tsrɔ̃ ale!”