2
Sẽ ŋu abe Kristo Yesu ƒe asrafo ene
Ke wò, vinye Timoteo, sẽ ŋu le amenuveve si le Kristo Yesu me la me, elabena ele na wò be nàfia nu siwo mi kple ame bubuwo miese tso gbɔnye le ɖaseɖila geɖewo dome. Mifia nyateƒe xɔasi siawo ame nuteƒewɔlawo, eye woawo hã woafia ame bubuwo. Tsɔ wò fukpekpewo kpoo abe Yesu Kristo ƒe asrafo vavã ene, abe ale si mewɔna ene, eye abe Kristo ƒe asrafo ene la, mègatsɔ ɖokuiwò nyrɔ ɖe xexemenuwo me o; ne menye nenema o la, màte ŋu adze ame si xɔ wò ɖe eƒe aʋakɔ me la ŋu o. Lé Aƒetɔ la ƒe sewo me ɖe asi le eƒe dɔwɔwɔ me abe ale si duɖimekela léa seawo me ɖe asi eye wòɖua dzi loo alo wòɖea asi le seawo ŋu, eye meɖua dzi o ene. Ku kutri vevie abe agbledela si xɔa fetu nyui ne exa nuku geɖewo ene. Bu kpɔɖeŋu etɔ̃ siawo ŋu kpɔ. Aƒetɔ la nakpe ɖe ŋuwò be nàse ale si kpɔɖeŋu siawo ku ɖe ŋuwòe la gɔme.
Ɖo ŋku Yesu Kristo, ame si wofɔ tso ku me, eye wòdzɔ tso David ƒe ƒome me la dzi. Esiae nye nye nyanyui la, si ta mele fu kpem ɖo, eye wodem ga me gɔ̃ hã abe hlɔ̃dola ene, gake womede ga Mawu ƒe nya ya o. 10 Eya ta mekpe fu sia fu ɖe ame tiatiawo ta be woawo hã woakpɔ ɖeɖe si le Kristo Yesu me kpe ɖe ŋutikɔkɔe mavɔ ŋu.
11 Esia nye nyateƒenya be,
“Ne míeku kpakplii la,
míanɔ agbe hã kpakplii;
12 Ne míekpe fu kplii la,
míaɖu dzi hã kpakplii;
Ne míegbe nu le egbɔ la,
Eya hã agbe nu le mía gbɔ.
13 Ne míenye nuteƒemawɔlawo o hã la,
eya anɔ anyi nuteƒewɔlae,
elabena mate ŋu agbe nu le eɖokui gbɔ o.”
Dɔwɔla si ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze nyui le
14 Ɖo ŋku nya xɔasi siawo dzi na wò amewo, eye nàgbe na wo le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me be womagahe nya tso nu siwo mele vevie o la ŋu o. Nyahehe siawo tɔgbi tɔtɔa ame. Viɖe aɖeke menɔa wo ŋu o, eye wowɔa nu vevi ame gɔ̃ hã. 15 Wɔ dɔ sesĩe ale be Mawu nate ŋu agblɔ na wò be, “Dɔ nyui wɔla, wòe le dɔ nyui wɔwɔ dzi.” Nye dɔwɔla nyui, ame si ŋu makpe ne Mawu do wò dɔwɔwɔ kpɔ o. Nànya nu si eƒe nyateƒenya la gblɔ kple nu si wòfia. 16 Mègade nu nyahehe dzodzro siwo nana amewo wɔa nu vɔ̃ to dɔmedzoedodo ɖe wo nɔewo ŋu me la me o. 17 Elabena to esia wɔwɔ me la, ame aɖewo gblɔa nya aɖewo, siwo gblẽa nu ɣeyiɣi didi aɖe. Himenaio kple Fileto nye ame siawo tɔgbi le ale si wolɔ̃a nyahehe dzodzrowo la ta. 18 Woɖe asi le nyateƒe la ŋu, eye wokaa aʋatso, ɖea gbeƒã be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la va eme xoxo, eye wona ame siwo xɔ wo dzi se la ƒe xɔse gbɔdzɔ. 19 Ke hã la, Mawu ƒe gɔmeɖokpe sesẽ la le te, eye wode dzesii kple nya siawo be, “Aƒetɔ la nyaa ame siwo nye etɔ vavãwo,” eye, “Ame sia ame si ʋua Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me la, nate ɖa tso ŋutasesẽ gbɔ.”
20 Menye sikanuwo kple klosalonuwo ɖeɖe koe nɔa aƒe gã me o, ke boŋ atinuwo kple anyinuwo hã nɔa anyi, ɖewo na bubumewo xɔxɔ, eye ɖewo hã na gbe sia gbe ƒe ŋudɔwɔwɔ. 21 Ne ame aɖe kɔ eɖokui ŋuti tso nu vɔ̃ mawo me la, eya ŋu dɔe woawɔ abe nu si ŋu bubu le, nu si le kɔkɔe si nye ŋudɔwɔnu na Aƒetɔ la, eye wòle klalo hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ ene.
22 Si le nu sia nu si naa nu vɔ̃ ƒe susu si ɖea fu na ɖekakpuiwo enuenu, eye wògena ɖe mewò la nu, ke nàlé fɔ ɖe nu sia nu si nyɔa didi le mewò be nàwɔ nu nyui la ŋu. Xɔse kple lɔlɔ̃ kpakple ŋutifafa nanɔ mewò, eye nàna hadede kple ame siwo yɔa Aƒetɔ la, eye woƒe dzi me kɔ la, nado dzidzɔ na wò. 23 Megale egblɔm na wò be mègade nu nyahehe dzodzro siwo tɔtɔa ame, eye wodoa dɔmedzoe na ame la me o. 24 Mele be Mawu ƒe subɔlawo nanye dzrewɔlawo o, ke boŋ ele be woanye nufiala siwo faa tu, eye wogbɔa dzi ɖi na vodalawo. 25 Bɔbɔ ɖokuiwò ne èle nu fiam ame siwo tɔtɔ le nyateƒe la ŋu, elabena ne ètsɔ ɖokuibɔbɔ kple gbe blewu ƒo nu na wo la, mɔkpɔkpɔ geɖe li bena, to Mawu ƒe amenuveve me la, woatrɔ dzi me, eye woaxɔ nyateƒe la dzi ase. 26 Ekema woadze si nyateƒe la, eye woasi le Abosam ƒe mɔ siwo wotrena be yeana woazu kluviwo na nu vɔ̃ ɣe sia ɣi si yelɔ̃ la nu; ale woate ŋu adze Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dzi wɔwɔ gɔme.