Yohanes
ƒe agbalẽ etɔ̃lia
1
Nye, hamemegã tsitsitɔ gbɔe agbalẽ sia tso,
 
Na xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ Gayo, ame si melɔ̃na le nyateƒe me.
 
 
Xɔ̃nye lɔlɔ̃a, medo gbe ɖa be nànɔ lãmesesẽ me, eye nu sia nu nadze edzi na wò nyuie abe ale si wò luʋɔ gɔ̃ hã le dedie ene. Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi nɔvi aɖewo va ƒo nu tso ale si nèlé nyateƒea me ɖe asi goŋgoŋ, eye nèle agbe nɔm le nyateƒe la nu la ŋu. Naneke medoa dzidzɔ nam wu be mase be vinyewo le agbe nɔm ɖe nyateƒe la nu o.
Beléle na Aƒetɔ la ƒe dɔwɔlawo
Xɔ̃nye lɔlɔ̃a, èle nuteƒe wɔm le nu siwo nèle wɔwɔm na nɔviawo la me, togbɔ be wonye amedzrowo na wò hã. Woɖi ɖase na hamea katã tso wò lɔlɔ̃ si nèɖe fia wo la ŋu. Anyo be nàdo mɔ wo le mɔ nyuitɔ si dze Mawu ŋu la nu, elabena ŋkɔ la tae wodze mɔ hele tsatsam, eye womexɔ kpekpeɖeŋu aɖeke tso trɔ̃subɔlawo gbɔ o ɖo. Le esia ta la, ehiã be miawɔ dɔmenyo na ame sia tɔgbiwo, ale be mí katã míawɔ dɔ ado nyateƒe la ɖe ŋgɔ.
Meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe hamea, gake Diotrefo si tsɔ eɖokui wɔ ŋgɔgbenɔlae la meɖo to nye nyawo o. 10 Eya ta ne meva la, maɖe nu siwo katã wɔm wòle la ɖe go, vevietɔ ale si wòle mía ŋu gblẽm la ta. Hekpe ɖe esia ŋu la, eɖea ame siwo dina be yewoaxɔ nɔviawo la le hame.
11 Xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ, megakpɔ nu vloe wɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nàwɔ o, ke boŋ srɔ̃ nu nyui wɔwɔ. Ame sia ame si wɔ nu nyui la tso Mawu gbɔ. Ame si wɔa nu vɔ̃ la menya Mawu o. 12 Ame sia ame ƒoa nu nyui le Demetrio ŋu. Nyateƒea ŋutɔ hã gblɔa eƒe nya nyui. Míawo hã míeɖi ɖase nyui le eŋu, eye wò ŋutɔ enyae be míaƒe ɖaseɖiɖi nye nyateƒe.
 
Taƒonyawo
13 Nya geɖe le asinye be maŋlɔ na wò, gake nyemedi be maŋlɔe kple nuŋlɔti kple nuŋlɔtsi ɖeɖe ko o. 14 Mele mɔ kpɔm be míado go kpuie, eye míaƒo nu ŋkume kple ŋkume.
 
15 Ŋutifafa nanɔ anyi kpli wò.
 
Nɔvi siwo katã le afi sia la do gbe na wò nyuie. Do gbe na nɔvi siwo le gbɔwò la na mí ɖekaɖeka.