Mose
ƒe agbalẽ atɔ̃lia
1
Mawu ɖe gbe na Israelviwo be woadzo le Horeb
Nya siawo Mose gblɔ na Israelviwo katã le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi le gbedzi, le Araba balime, le Suf gbɔ le Paran kple Tofel kple Laban kple Hazerot kple Dizahab dome. Mɔzɔzɔ tso Horeb to Seir to la ŋu yi Kades Barnea la nye ŋkeke wuiɖekɛ ko ƒe azɔli.
Le ɣleti wuiɖekɛlia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe le Israelviwo ƒe mɔzɔzɔ ƒe blaenelia me la, Mose ƒo nu na Israelviwo tso se siwo katã Yehowa miaƒe Mawu de nɛ la ŋu. Esia va eme esi Israel ɖu Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, ame si nɔ Hesbon kple Ɔg, Basan fia, ame si nɔ Astarot la dzi le Edrei vɔ megbe.
Mose de asi se siawo gbɔgblɔ me na Israelviwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi, le Moabnyigba dzi. Egblɔ na wo be:
 
Ƒe blaene nye esi va yi, esi Yehowa, míaƒe Mawu la gblɔ na mí le Horeb to la gbɔ be, “Mienɔ afi sia wòdidi. Fifia miyi mianɔ Amoritɔwo ƒe tonyigba dzi kple Araba ƒe balime kple Negeb kple Kanaan kple Lebanon ƒe anyigbawo dzi. Anyigba sia tso Domeƒu la ŋu va se ɖe Frat tɔsisi la ŋu. Metsɔ anyigba sia katã na mi! Miyi edzi, eye miaxɔe, elabena eyae nye anyigba si ŋugbe Yehowa miaƒe Mawu do na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob kple woƒe dzidzimeviwo katã.”
Toawo ƒe kplɔlawo tiatia
Le ɣe ma ɣi me la, megblɔ na ameawo be, “Mehiã kpeɖeŋutɔ! Mienye agba gã aɖe nam be nye ɖeka matsɔ, 10 elabena Yehowa miaƒe Mawu na miedzi sɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene! 11 Mawu nagana miadzi ɖe edzi zi akpeakpewo wu, eye wòayra mi abe ale si wòdo ŋugbee ene. 12 Ke nu ka ame ɖeka ate ŋu awɔ le miaƒe dzrenyawo dɔdrɔ̃ kple nukpekeamewo ŋuti? 13 Eya ta mitia ŋutsu aɖewo tso to sia to me, ame siwo nye nunyalawo, nugɔmeselawo kple nuteƒekpɔlawo, eye maɖo wo miaƒe kplɔlawo.”
14 Ke mieɖo eŋu nam be, “Nya si nègblɔ la nyo be woawɔ ɖe edzi.”
15 Metsɔ amegã siwo wotia tso to ɖe sia ɖe me eye wonye ŋutsu siwo nye bubumewo, eye tagbɔ li na wo la ɖo dzikpɔlawo ɖe mia nu, ɖe ame akpewo, alafawo, blaatɔ̃wo kple ewowo nu be woadrɔ̃ nyawo, eye woakpe ɖe wo ŋu le mɔ sia mɔ nu. 16 Mede se na miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo le ɣe ma ɣi be, “Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ame sia ame kple nɔvia kpakple amedzrowo gɔ̃ hã. 17 Megblɔ na wo be, ‘Le miaƒe nyametsotsowo me la, migade ame aɖeke dzi le eƒe hotsuitɔnyenye ta o. Miwɔ nu dzɔdzɔe ɖe amegãwo kple ame gblɔewo siaa ŋu sɔsɔe. Migavɔ̃ na woƒe dzikudodo ɖe mia ŋu o, elabena Mawu teƒee miele ʋɔnu drɔ̃m ɖo. Mitsɔ nya siwo sesẽ akpa na mi la vɛ nam, eye mawɔ wo ŋu dɔ.’ 18 Le ɣe ma ɣi me la, megblɔ nu siwo katã wòle be miawɔ la na mi.”
Woɖo ŋkutsalawo ɖa
19 Míedzo le Horeb to la gbɔ, eye míezɔ mɔ to gbegbe gã dziŋɔ la dzi. Mlɔeba la, míeva ɖo Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, afi si Yehowa, míaƒe Mawu la ɖo na mí be míayi. Míeɖo Kades Barnea le Ŋugbedodonyigba la ƒe liƒo dzi. 20 Megblɔ na ameawo be, “Yehowa, mía Mawu la tsɔ Amoritɔwo ƒe tonyigba sia na mí. 21 Miyi miaxɔe abe ale si wògblɔ na mí ene. Migavɔ̃ o. Migake ɖi gɔ̃ hã o.”
22 Wogblɔ be, “Gbã la, mina míaɖo ŋkutsalawo ɖa ne woanya mɔ nyuitɔ si dzi míato age ɖe anyigba la dzi kple du gbãtɔ si míaxɔ.”
23 Esia nye susu nyui aɖe, eya ta meɖo ŋkutsala wuieve ɖa, ɖeka tso to ɖe sia ɖe me. 24 Woto toawo dzi heyi Eskɔl ƒe balime. 25 Wotsɔ afi ma ƒe kutsetse aɖewo gbɔe. Wotsɔ wo vɛ na mí eye wogblɔ be, “Míedze sii enumake be anyigba nyui aɖe ŋutɔe Yehowa, míaƒe Mawu la na mí.”
Ameawo dze aglã ɖe Mawu ŋu
26 Ke ameawo gbe be yewomayi anyigba la dzi o, eya ta wotsi tsitre ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe ɖoɖo ŋuti. 27 Wolĩ liʋĩliʋĩ le woƒe agbadɔwo me hegblɔ be, “Yehowa melɔ̃ mí o; ekplɔ mí tso Egipte be Amoritɔwo nawu mí. 28 Nu kae le míawɔ ge? Mía nɔvi ŋkutsalawo ƒe ɖaseɖiɖi do ŋɔdzi na mí. Wobe, ‘Anyigba la dzi tɔwo nye ame dzɔatsu sesẽwo, eye gli siwo woɖo ƒo xlã woƒe duwo la kɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli! Wokpɔ ame dzɔatsu siwo nye Anak ƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le afi ma.’ ”
29 Ke megblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o! 30 Yehowa Mawue nye míaƒe kplɔla eye wòawɔ aʋa na mí kple eƒe nukumɔ triakɔwo abe ale si wòwɔ miekpɔ le Egipte ene. 31 Miawo ŋutɔ mienya ale si wòlé be na mí ɣe sia ɣi le gbedzi le afi sia, abe ale si fofo léa be na via ene!”
32 Ke nya siwo megblɔ la mewɔ dɔ aɖeke ɖe mia dzi o. Miegbe eye miexɔ Yehowa, miaƒe Mawu la dzi se o, 33 evɔ wònye eyae kplɔ mi le mɔzɔzɔ blibo la me, tia teƒe nyuitɔwo na mi be miaƒu asaɖa anyi ɖo. Ekplɔ mi kple dzo bibi le zã me kple lilikpo dodo le ŋkeke me.
34 Yehowa se woƒe liʋĩliʋĩlilĩ, eye wòdo dɔmedzoe ŋutɔŋutɔ. Eka atam be, 35 “Ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã matso dzidzime vɔ̃ɖi ma me, anɔ agbe akpɔ anyigba si ŋugbe yedo na wo fofowo o, 36 negbe Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu ko, elabena Kaleb ya dze Yehowa yome, eya ta axɔ anyigba si dzi wòzɔ la ƒe akpa aɖe abe eƒe domenyinu ene.”
37 Yehowa do dɔmedzoe ɖe nye gɔ̃ hã ŋu le woawo ta, eye wògblɔ nam be, “Màde Ŋugbedodonyigba la dzi o! 38 Wò kpeɖeŋutɔ, Yosua, Nun ƒe viŋutsu akplɔ Israelviwo ɖe tewòƒe woade afi ma. De dzi ƒo nɛ esi wòle dzadzram ɖo hena ameawo kpɔkplɔ. 39 Matsɔ anyigba la ana wo vi siwo woawo ŋutɔ wogblɔ be woaku le gbedzi. 40 Ke mi dzidzime xoxo ma me viwo ya la, mitrɔ fifi laa, miagbugbɔ aɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ.”
41 Tete mieʋu eme be, “Míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Míayi anyigba la dzi, awɔ aʋa ɖe eta abe ale si Yehowa, míaƒe Mawu la ɖo na mí be míawɔ ene.” Ale wokpla woƒe aʋawɔnuwo hebu be yewoaɖu anyigba blibo la dzi tɔwo dzi bɔbɔe.
42 Ke Yehowa gblɔ nam be, “Gblɔ na wo bena, ‘Miekpɔ ayi awɔ aʋa o, elabena nyemanɔ kpli mi o. Miaƒe futɔwo aɖu mia dzi.’ ”
43 Megblɔe na wo, gake womeɖo tom o, ke boŋ wogatsi tsitre ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo ŋuti heyi tonyigba la dzi hena aʋawɔwɔ. 44 Ke Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la kpe aʋa kpli wo, nya wo ɖe du nu abe anyiwo ene, eye wowu wo tso Seir va se ɖe keke Horma. 45 Wotrɔ gbɔ, eye wofa avi le Yehowa ŋkume, gake meɖo to wo o. 46 Ale wonɔ afi ma, Kades, ɣeyiɣi didi aɖe.