34
Mose ƒe ku kple eɖiɖi
Mose lia Nebo to la tso Moab tagba la le Yeriko kasa, eye wòyi Pisga to la tame. Yehowa na wòkpɔ Ŋugbedodonyigba la tso afi ma, tso Gilead va se ɖe Dan.
Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ Naftali, Efraim kple Manase ɖa le afii; kpɔ Yuda ɖa, ekeke tso afi mɛ yi ɖatɔ Domeƒu la. Kpɔ Negeb kple Yɔdan ƒe balime kple Yeriko, du si me detiwo bɔ ɖo kple Zoar ɖa.
“Esiae nye ŋugbedodonyigba la. Medo ŋugbe na Abraham, Isak kple Yakob be matsɔe ana woƒe dzidzimeviwo. Azɔ la, èkpɔe, gake maɖo afɔ edzi o.”
Ale Mose, Yehowa ƒe dɔla la ku le Moabnyigba dzi abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene. Yehowa ɖii ɖe Moabnyigba dzi, le balime si dze ŋgɔ Bet Peor, gake va se ɖe egbe la, ame aɖeke menya afi si yɔdo la le o.
Mose xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaeve hafi ku, gake eƒe ŋkuwo gakpɔa nu nyuie, eye ŋusẽ nɔ eŋu. Israelviwo fae ŋkeke blaetɔ̃ le Moab tagba la va se ɖe esime funyiŋkekeawo wu nu.
Nunya ƒe gbɔgbɔ yɔ Yosua, Nun ƒe viŋutsu me, elabena Mose da eƒe asiwo ɖe edzi, eya ta Israelviwo ɖo toe, eye wowɔ ɖe se siwo katã Yehowa de na wo to Mose dzi la dzi.
10 Ke tso ɣe ma ɣi la, nyagblɔɖila aɖeke meganɔ anyi kpɔ le Israel abe Mose ene o, elabena Yehowa ƒo nu kplii ŋkume kple ŋkume, 11 eye wòwɔ dzesi kple nukunu siwo katã Yehowa ɖoe ɖa be wòawɔ le Egiptenyigba dzi na Farao, na eƒe subɔlawo katã kple dukɔ blibo la, 12 elabena ame aɖeke meɖe ŋusẽ triakɔ sia fia alo wɔ nu dziŋɔ siwo Mose wɔ le Israel blibo la ŋkume kpɔ o.