4
Mordekai ɖe kuku na Ester be wòana kpekpeɖeŋu
Esi Mordekai se nya si dzɔ la, edze eƒe awuwo, ta akpanya, si dzowɔ ɖe ŋuti, eye wòyi dua me henɔ avi fam sesĩe nublanuitɔe. Etsi tsitre ɖe fiasã la ƒe agbo nu, elabena womeɖe mɔ be ame aɖeke nanɔ akpanya me age ɖe fiasã la me o. Yudatɔwo ta akpanya mlɔ afi ma, tsi nu dɔ, fa avi kple ɣli, eye dzi ɖe le wo ƒo le nutowo katã me le anyigba blibo la dzi le ɖoɖo si fia la wɔ la ta.
Esi Ester ƒe nyɔnudɔlawo kple ŋutsu tata siwo le edzi kpɔm la va gblɔ nu si Mordekai nɔ wɔwɔm nɛ la, exa nu, eye wòɖo awuwo ɖee be wòatsɔ aɖɔli akpanya si wòta la, gake melɔ̃ o. Azɔ Ester ɖo Hatak, ŋutsu tata si wotia be wòasubɔe la ɖa be wòayi Mordekai gbɔ, abia nu si le fu ɖem nɛ kple nu si tae.
Ale Hatak do go yi ablɔ dzi, eye wòkpɔ Mordekai le fiasã la ƒe agboa godo. Tete Mordekai gblɔ nu siwo katã dzɔ la nɛ kple ga home si ŋugbe Haman do be yeatsɔ ade fia la ƒe gadzraɖoƒe me hena Yudatɔwo wuwu. Mordekai tsɔ agbalẽ si me fia la ƒe se si wòde le Susa be woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã le la na Hatak, eye wòbia tso esi be wòatsɔe afia Ester. Egblɔ na Hatak be wòagblɔ nya si dzɔ la na Ester, eye wòabia tso esi be wòayi fia la gbɔ, aɖe kuku nɛ be wòakpɔ nublanui na eƒe amewo.
Ale Hatak trɔ yi Ester gbɔ, eye wògblɔ nya si Mordekai be wòagblɔ nɛ la nɛ. 10 Ester gblɔ na Hatak be wòayi aɖagblɔ na Mordekai be, 11 “Fia la ƒe dɔnunɔlawo katã kple ame siwo katã le nutowo me la nya be ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe yi ɖe fia la gbɔ le xɔ titinatɔ me, evɔ fia la meyɔe o la, se ɖeka si le nu sia ŋuti koe nye be woawu amea. Negbe ɖeko fia la tsɔ eƒe sikatikplɔ ɖo ɖee hafi wòaɖe eƒe agbe. Ke ŋkeke blaetɔ̃e nye esi fia la meɖo du ɖem o.”
12 Ale Hatak yi ɖagblɔ Ester ƒe nya la na Mordekai, 13 eye Mordekai ɖo eŋu ɖo ɖe Ester be, “Ɖe nèbu be ye ya yeanɔ dedie le afi ma, le fiasã la me, ne wowu Yudatɔwo katã? 14 Ne èzi ɖoɖoe le ɣeyiɣi sia tɔgbi me la, Mawu ato mɔ bubu aɖe dzi aɖe Yudatɔwo, ke wò kple fofowò ƒe aƒemetɔwo miatsrɔ̃. Gawu la, ame kae nya be Mawu ŋutɔe da wò ɖe teƒe sia le fiasã la me le ɣeyiɣi sia tɔgbi me?”
15 Ester ɖo ame ɖa be woagblɔ na Mordekai be: 16 “Yi nàƒo Yudatɔ siwo katã le Susa la nu ƒu, eye miatsi nu dɔ ɖe tanye, migaɖu nu alo miano nu o, ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃. Nye kple nye subɔlawo hã míawɔ nenema ke. Ekema, togbɔ be wode se sesẽ aɖe ɖe eŋu hã la, mayi aɖakpɔ fia la kpɔ. Ne meku la, maku faa!”
17 Ale Mordekai wɔ nu si Ester ɖo nɛ.