Mose
ƒe agbalẽ evelia
1
Egiptetɔwo te Israelviwo ɖe to
Israel ƒe viŋutsu siwo kplɔ Yakob ɖo yi Egipte kple woƒe ƒometɔwoe nye:
 
Ruben, Simeon, Levi, Yuda,
Isaka, Zebulon, Benyamin,
Dan, Naftali, Gad kple Aser.
 
Ame siwo katã kplɔ Yakob ɖo yi Egipte la anɔ ame blaadre. Yosef ya nɔ afi ma xoxo.
 
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yosef kple nɔviawo katã ku, eye dzidzime ma nu tso. Azɔ la, Israelviwo ƒe dzidzimeviwo dzina kabakaba. Wodzi sɔ gbɔ ale gbegbe be le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, wozu dukɔ gã aɖe, eye woyɔ anyigba la dzi fũu.
Eva eme be fia yeye aɖe va ɖu Egipte dzi, ame si menya Yosef o. Fia sia gblɔ na eƒe amewo be, “Kpɔ ɖa, Israelvi siawo sɔ gbɔ wu mí akpa. 10 Mina míato ayemɔ aɖe dzi atsi nu sia nu. Ne míetsi nu sia nu o, eye aʋa dzɔ la, woade míaƒe futɔwo dzi, awɔ aʋa kpli mí asi adzo le anyigba la dzi.”
11 Ale Egiptetɔwo wɔ Israelviwo woƒe kluviwoe. Wotsɔ dɔdzikpɔla ŋutasẽlawo ɖo wo nu be woana woawɔ dɔ sesẽ, woatu nudzraɖoƒe gãwo ɖe Pitom kple Rameses na Farao. 12 Togbɔ be Egiptetɔwo nɔ fu wɔm Israelviwo, eye wonɔ wo tem ɖe to wu tsã gɔ̃ hã la, Israelviwo ganɔ dzidzim ɖe edzi kokoko! Nu sia gado ŋɔdzi na Egiptetɔwo wu 13 eye wogazi wo dzi wu tsã. 14 Wona agbenɔnɔ ti wo to dɔ sesẽ wɔwɔ le anyikpewo meme kple agbledɔwo wɔwɔ me. Egiptetɔwo na wowɔ dɔ sesẽ siawo katã nublanuimakpɔmakpɔtɔe.
15 Egipte fia gblɔ na Hebri nyɔnu siwo nye vixelawo, ame siwo ŋkɔwoe nye Sipra kple Pua be, 16 “Ne miekpe ɖe Hebri nyɔnu aɖe ŋu wòdzi vi, eye miekpɔ le vidziƒea be ŋutsuvi wòdzi la, miwu ɖevi la enumake, gake ne nyɔnuvi wòdzi la, mina ɖevia natsi agbe.” 17 Ke vixela siawo vɔ̃a Mawu, eye womewɔ ɖe Egipte fia la ƒe se la dzi o, wona ŋutsuviawo hã tsi agbe. 18 Fia la yɔ vixelawo, eye wòbia wo be, “Nu ka ta miegbe nye se la dzi wɔwɔ, eye miena ŋutsuviawo hã le agbe tsim ɖo?”
19 Woɖo eŋu na Farao be, “Aƒetɔ, Hebri nyɔnuwo ƒe vidzidzi tsɔna ale gbegbe be, míeɖoa wo gbɔ hafi wodzia vi le wo ɖokuiwo si o. Woawo ƒe vidzidzi mexɔa ɣeyiɣi abe míaƒe Egipte nyɔnuwo tɔ ene o!”
20 Le esia ta Mawu yra vixelawo. Ale Israelviwo dzi ɖe edzi, eye wokpɔ ŋusẽ ŋutɔ. 21 Esi vixelawo vɔ̃a Mawu ta la, Mawu na viwo woawo hã.
22 Fia Farao va de se na eƒe amewo katã be, “Miatsɔ ŋutsuvi ɖe sia ɖe si woadzi la aƒu gbe ɖe Nil tɔsisi la me, ke miana nyɔnuviwo ya natsi agbe.”