10
Ameawo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me
Esi Ezra nɔ gbe dom ɖa, nɔ nu vɔ̃ me ʋum, nɔ avi fam, eye wòtsɔ eɖokui nɔ xaxlãm ɖe anyi le Mawu ƒe aƒe la ŋkume la, Israelviwo ƒe ameha gã aɖe, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo va ƒo ƒu ɖe eŋu. Woawo hã wofa avi vevie. Tete Yehiel ƒe vi, Sekania, Elam ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka, gblɔ na Ezra be, “Míeto nyateƒe na míaƒe Mawu la o, to dutanyɔnuwo ɖeɖe me tso dukɔ siwo ƒo xlã mí la me. Togbɔ be ele alea hã la, mɔkpɔkpɔ gali na Israel ko. Azɔ la, mina míabla nu le míaƒe Mawu la ŋkume be míatrɔ nyɔnu siawo katã kple woƒe viwo aɖo ɖa, le nye aƒetɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo kple ame siwo vɔ̃a míaƒe Mawu la ƒe sededewo ƒe nya nu. Mina míawɔe ɖe sea nu. Tsi tsitre, nya sia le asiwò me. Míade megbe na wò, eya ta tso nàlé dzi ɖe ƒo eye nàwɔe.”
Ale Ezra tsitre eye wòna nunɔla tsitsiawo, Levitɔwo kple Israel blibo la ka atam be woawɔ ɖe susu si wodo ɖa la dzi. Tete woka atam la. Ale Ezra dzo le Mawu ƒe aƒe la ŋkume heyi ɖe Yehohanan, Eliasib ƒe vi ƒe xɔ me. Esi wònɔ afi ma la, meɖu nu alo no tsi o, elabena eganɔ konyi fam ko tso aboyometsolawo ƒe nuteƒemawɔmawɔ ŋu.
Le esia megbe la, woɖe gbeƒã le Yuda kple Yerusalem katã be ame siwo katã gbɔ tso aboyome la naƒo ƒu ɖe Yerusalem. Ame si meva le ŋkeke etɔ̃ me o la, abu eƒe nunɔamesiwo katã le ametsitsiawo kple dɔnunɔlawo ƒe nyametsotso nu, eye woaɖe amea ɖa le aboyometsolawo ƒe hame.
 
Le ŋkeke etɔ̃ me la, Yuda kple Benyamin ŋutsuwo katã va ƒo ƒu ɖe Yerusalem. Ale le dzinu asiekelia ƒe ŋkeke blaevea gbe la, ameawo katã va nɔ anyi ɖe xɔxɔnu si dze ŋgɔ Mawu ƒe aƒe la. Wonɔ dzodzom nyanyanya le nya sia kple tsi gã si nɔ dzadzam la ta. 10 Nunɔla Ezra tsitre gblɔ na wo be, “Miewɔ nuteƒe o, mieɖe dutanyɔnuwo, hedzi Israel ƒe agɔdzedze ɖe edzi. 11 Azɔ la, miʋu nu vɔ̃ me na Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la, eye miwɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Miɖe mia ɖokuiwo ɖa tso dukɔ siwo ƒo xlã mi la gbɔ, eye miɖe asi le miaƒe dutanyɔnuwo ŋu.”
12 Ameha la ɖo eŋu nɛ kple gbe sesẽ be, “Wò nya la le eteƒe! Ele be míawɔ abe ale si nègblɔ ene, 13 gake ame geɖewo le afi sia, eye wònye tsidzaŋɔli hã, ale míate ŋu anɔ tsitre ɖe gota o. Gawu la, womate ŋu awɔ nya sia ŋu dɔ le ŋkeke ɖeka alo eve me o, elabena míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe le nu sia me. 14 Na be míaƒe amegãwo nawɔ dɔ ɖe ameha la nu, na be, ame siwo le míaƒe duwo me, esiwo ɖe dutanyɔnuwo la nava ɖe ɣeyiɣi ɖoɖiwo dzi kple dumegãwo kpakple ʋɔnudrɔ̃la siwo le du siwo me wotso la me va se ɖe esime míaƒe Mawu la ƒe dziku dziŋɔ la nakɔ ɖa le mía dzi.” 15 Ame siwo tsi tsitre ɖe nya sia ŋu la koe nye, Yonatan, Asahel ƒe vi kple Yahzeya, Tikva ƒe vi eye Mesulam kple Sabetai, Levitɔ la, da megbe na wo.
16 Ale aboyometsolawo wɔ abe ale si dzi woɖo kpee ene. Nunɔla Ezra tia ŋutsu siwo nye ƒometatɔwo, tso ƒome ɖe sia ɖe me, eye ɖe sia ɖe kple eƒe ŋkɔ. Le dzinu ewolia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wonɔ anyi be woaku nya la me, 17 eye le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wowu ŋutsu siwo katã ɖe dutasrɔ̃ la ƒe nyawo nu.
Ame siwo dze agɔ to dutasrɔ̃ɖeɖe me
18 Ame siawoe ɖe dutanyɔnu le nunɔlawo dome. Ame siwo ɖee tso Yozadak ƒe vi, Yesua kple nɔvia ŋutsuwo ƒe dzidzimeviwo dome la woe nye: Maaseya, Eliezer, Yarib kple Gedalia. 19 Wo katã wodo asi ɖe dzi, ɖe adzɔgbe be, yewoaɖe asi le yewoƒe dutanyɔnuawo ŋu, eye ɖe woƒe agɔdzedze la ta la, ɖe sia ɖe na agbo ɖeka tso lãhawo dome abe nu vɔ̃ vɔsa ene.
20 Tso Imer ƒe dzidzimeviwo dome:
Hanani kple Zebadia.
21 Tso Harim ƒe dzidzimeviwo dome:
Maaseya, Eliya, Semaya, Yehiel kple Uzia.
22 Tso Pasur ƒe dzidzimeviwo dome:
Elioenai, Maaseya, Ismael, Netanel, Yozabad kple Eleasa.
 
23 Tso Levitɔwo dome:
Yozabad, Simei, Kelaya (alo Kelita), Petahia, Yuda kple Eliezer.
24 Tso hadzilawo dome:
Eliasib.
Tso agbonudzɔlawo dome:
Salum, Telem kple Uri.
 
25 Tso Israelvi bubuwo dome:
Tso Paros ƒe dzidzimeviwo dome:
Ramia, Izia, Malkiya, Miyamin, Eleazar, Malkiya kple Benaya.
26 Tso Elam ƒe dzidzimeviwo dome:
Matania, Zekaria, Yehiel, Abdi, Yeremot kple Eliya.
27 Tso Zatu ƒe dzidzimeviwo dome:
Elioenai, Eliasib, Matania, Yeremot, Zabad kple Aziza.
28 Tso Bebai ƒe dzidzimeviwo dome:
Yehohanan, Hananiya, Zabai kple Atlai.
29 Tso Bani ƒe dzidzimeviwo dome:
Mesulam, Maluk, Adaya, Yasub, Seal kple Yeremot.
30 Tso Pahat Moab ƒe dzidzimeviwo dome:
Adna, Kelal, Benaya, Maaseya, Matania, Bezalel, Binui kple Manase.
31 Tso Harim ƒe dzidzimeviwo dome:
Eliezer, Isiya, Malkiya, Semaya, Simeon, 32 Benyamin; Maluk kple Semaria.
33 Tso Hasum ƒe dzidzimeviwo dome: Matenai, Matata, Zabad, Elifelet, Yeremai, Manase kple Simei.
34 Tso Bani ƒe dzidzimeviwo dome:
Madai, Amram, Uel, 35 Benaya, Bedeya, Keluhi, 36 Vania, Meremot, Eliasib, 37 Matania, Matenai kple Yaasu.
38 Tso Binui ƒe dzidzimeviwo dome:
Simei, 39 Selemia, Natan, Adaya, 40 Maknadebai, Sasai, Sarai, 41 Azarel, Selemia, Semaria, 42 Salum, Amaria kple Yosef.
43 Tso Nebo ƒe dzidzimeviwo dome:
Yeiel, Matitia, Zabad, Zebina, Yadai, Yoel kple Benaya.
 
44 Ame siawo katã ɖe dutanyɔnuwo, eye wo dometɔ aɖewo la, wo kple dutanyɔnuawo gɔ̃ hã dzi viwo.