6
Miwɔ nyui na amewo katã
Nɔviwo, ne ame aɖe dze nu vɔ̃ me la, mi ame siwo Gbɔgbɔ la kplɔna la, miɖɔ ame ma ɖo le dɔmefafa me. Ke miɖɔ ŋu ɖo, be woagate miawo hã kpɔ o. Mitsɔ mia nɔewo ƒe agbawo, eye le esia wɔwɔ me la, miawu Kristo ƒe se la nu. Ne ame aɖe bu be yenye nane, evɔ menye naneke o la, eble eɖokui.
Ame sia ame nado eya ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo kpɔ, ekema woate ŋu aƒo adegbe le wo ɖokuiwo ɖeɖe ko me, ke menye be woatsɔ wo ɖokuiwo asɔ kple ame bubu aɖeke o, elabena ame sia ame atsɔ eya ŋutɔ ƒe agba.
Ame siwo wofia nui le nya la me la, nama woƒe nu nyuiwo kple woƒe nufiala. Migable mia ɖokuiwo o. Mawu menana woɖua fewu le eŋuti o. Elabena nu si ame ƒãna la, eya ke wòŋena. Ame si ƒã nu le ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ tso ŋutilã me; ke ame si ƒã nu le Gbɔgbɔ la me la, aŋe agbe mavɔ tso Gbɔgbɔ la me. Migana míagbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o, elabena ne míegbɔdzɔ o la, míaŋe nu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. 10 Eya ta esi mɔnukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nyui na amewo katã, vevietɔ na nɔvi xɔsetɔwo.
 
Menye aʋatsotso o, ke boŋ nuwɔwɔ yeyee
11 Mikpɔ ŋɔŋlɔdzesi gã siwo metsɔ nye ŋutɔ nye asi ŋlɔ ɖo ɖe mi la ɖa!
 
12 Ame siwo le didim be yewoadze amewo ŋu le ŋutilã me la le agbagba dzem be yewoazi mia dzi woatso aʋa na mi, le susu ɖeka sia ko ta be womagati yewo yome ɖe Kristo ƒe atitsoga la ta o. 13 Ame siwo wotso aʋa na gɔ̃ hã la mewɔa se la dzi o, ke boŋ wole didim be woatso aʋa na mi, ale be woaƒo adegbe le miaƒe ŋutilã ŋu.
14 Nyemaƒo adegbe le naneke ŋu o, negbe le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe atitsoga la ko ŋu. Eya me woto klã xexea me ɖe atitsoga ŋuti nam, eye woklã nye hã ɖe atitsoga ŋuti na xexea me. 15 Elabena le Kristo me la, aʋatsotso kple aʋamatsomatso menye naneke o, nu si le vevie lae nye be ame nazu nuwɔwɔ yeye.
 
16 Mawu ƒe ŋutifafa kple nublanuikpɔkpɔ nanɔ anyi kple ame siwo katã wɔa se sia dzi, eye woanɔ anyi kple Mawu ƒe Israel la hã.
 
17 Tso azɔ dzi la, ame aɖeke megaɖe fu nam le nu siawo ŋuti o, elabena Yesu ƒe abidzesiwo le nye ŋutilã ŋu.
 
18 Nɔviwo, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔ. Amen.