Hosea
ƒe agbalẽ
1
Esiawoe nye gbedeasi siwo va na Hosea, Beeri ƒe vi la le Yuda fia ene siawo ŋɔli: Uzia, Yotam, Ahaz kple Hezekia. Le ɣeyiɣi sia me ke Yoas ƒe vi Yeroboam nye fia le Israel.
 
Hosea srɔ̃ kple viawo
Gbedeasi gbãtɔe nye esi: Yehowa gblɔ na Hosea be, “Yi nàɖe ɖetugbi aɖe si nye gbolo, ale be vi siwo wòadzi na wò la, woanye ahasiviwo. Esia aɖe alakpanu siwo wɔm nye dukɔ la le ɖe ŋutinye la afia, wowɔ ahasi to mawu bubuwo subɔsubɔ me, eye wotrɔ le Yehowa yome.” Ale Hosea yi ɖaɖe Gomer, Dioblaim ƒe vinyɔnu, eye wòdzi ŋutsuvi nɛ.
Eye Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Yezreel, elabena madidi o la, mahe to na Yehu ƒe aƒe la le ʋu si wokɔ ɖe anyi le Yezreel ta, eye matsi Israel ƒe fiaɖuƒe la nu. Gbe ma gbe la, magbã Israel ƒe ŋusẽ le Yezreel ƒe balime.”
Sẽe kple sẽe la, Gomer gafɔ fu, eye wòdzi nyɔnuvi. Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Loruhama, si gɔmee nye, ‘Nyemagakpɔ nublanui nɛ o,’ elabena nyemagakpɔ nublanui na Israel, atsɔ vɔ̃ akee o, gake makpɔ nublanui na Yuda. Nye ŋutɔ mawɔ aʋa kple woƒe futɔwo, aɖe wo le woƒe asi me, gake menye to dati, yi, aʋawɔnuwo, sɔ kple sɔdolawo dzi o, ke boŋ to Yehowa, woƒe Mawu la dzi.”
Esi Gomer tso no na Loruhama vɔ la, egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Loami, si gɔmee nye, ‘Menye tɔnyee o,’ elabena Israel menye tɔnye o, eye nye hã nyemenye eƒe Mawu o.
10 “Ɣeyiɣi li gbɔna esi Israel akpɔ dzidzedze, azu dukɔ gã aɖe; le ɣe ma ɣi me la, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o, elabena woasɔ gbɔ abe ƒutake ene! Ale be, le esi megblɔ na wo be, ‘Mienye nye dukɔ o’ teƒe la, magblɔ na wo be, ‘Mienye vinyewo, Mawu Gbagbe la ƒe viwo.’ 11 Ekema Yudatɔwo kple Israelviwo awɔ ɖeka, eye woaɖo fia ɖeka; wo katã woatrɔ tso aboyome ɖekae, eye Yezreel ƒe ŋkeke la anye ŋkeke gã aɖe ŋutɔ.”