Yesaya
ƒe agbalẽ
1
Esiawoe nye gbedeasi siwo Yesaya, Amoz ƒe vi, xɔ tso Yehowa gbɔ le ŋutega me, tso nu siwo ava dzɔ ɖe Yuda kple Yerusalem dzi la ŋuti. Exɔ gbedeasi siawo le Yuda fiawo, Uzia, Yotam, Ahaz kple Hezekia ŋɔli.
 
Dukɔ dzeaglã la
O! Dziƒo kple anyigba,
miɖo to miase nya si gblɔm Yehowa le.
Yehowa be:
“Ɖevi siwo menyi hekplɔ wo
kple beléle la dze aglã ɖe ŋunye.
Nyitsu nyaa eƒe aƒetɔ,
eye tedzi nyaa eƒe nuɖuƒe,
ke Israel menyam o,
eye nye amewo mese nye nyawo gɔme o.”
 
O! Dukɔ si wɔ nu vɔ̃,
ame siwo dzi nu vɔ̃ do agba ɖo,
nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe dzidzimeviwo,
vi siwo nye nu tovo wɔlawo,
wogbe nu le Yehowa gbɔ,
wodo ŋunyɔ Israel ƒe kɔkɔetɔ la,
eye wotrɔ megbe dee.
 
Nu ka ta miedi be woanɔ mia ƒoƒo dzi?
Nu ka ta miegale aglãdzedze dzi?
Miaƒe ta katã xɔ abi,
eye miaƒe dzi katã hã xɔ abi.
Tso miaƒe afɔƒome va se ɖe miaƒe dzodome la,
teƒe nyui aɖeke meli o, negbe abiwo,
dodrowo, abi mumu siwo womeklɔ
haɖe o alo ɖo amii loo
alo bla o la koe li.
 
Miaƒe anyigba zu gbegbe,
wotɔ dzo miaƒe duwo le miawo ŋutɔ ƒe ŋkume,
du bubu me tɔwo va ha miaƒe agblemenukuwo,
eye wogblẽ miaƒe anyigba
abe ale si amedzrowo wɔna ene.
Zion nyɔnuvi tsi akogo abe agbadɔ si
le waingble me ene,
abe agblexɔe le dzamatregble me ene,
eye abe du si ŋu futɔwo ɖe to ɖo ene.
Ɖe menye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ ye kpɔtɔ ame ʋɛ aɖewo ɖi na mi o la,
anye ne woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã,
abe ale si wotsrɔ̃ ame sia ame
le Sodom kple Gomora ene.
 
10 Mise Yehowa ƒe nya,
mi Sodom dziɖulawo,
milé fɔ ɖe míaƒe Mawu la ƒe se la ŋu,
mi Gomoratɔwo!
11 “Miaƒe vɔsa gbogboawo ɖe,
nu ka wonye nam?” Yehowae gblɔe.
“Miaƒe numevɔsa siwo miewɔna
kple agbowo kple lã damiwo ƒe ami la,
wu tsɔtsɔ nam.
Nyitsuwo, alẽwo kple gbɔ̃wo
ƒe ʋu medoa dzidzɔ nam o.
12 Ne miedo ɖe nye ŋkume la,
ame kae bia esia tso mia si be,
mianɔ afɔɖi ƒom nye xɔxɔnuwo?
13 Midzudzɔ vɔsa gbɔlo siawo tsɔtsɔ vɛ!
Miaƒe dzudzɔʋeʋĩwo dodo
medoa dzidzɔ nam o.
Nyemate ŋu atsɔ miaƒe takpekpe vɔ̃ɖi
siwo nye dzinu yeyewo,
Dzudzɔgbewo kple gbeƒãɖeɖe takpegbewo o.
14 Melé fu miaƒe dzinu yeye ŋkekenyuiwo
kple ŋkekenyui bubuawo.
Wozu agba nam, eye nu ti kɔ nam le wo tsɔtsɔ me.
15 Ne miele gbe dom ɖa,
keke miaƒe abɔwo me la,
maɣla nye ŋkume ɖe mi,
eye ne mieli kɔ gbedodoɖa gleglegle hã la,
nyemaɖo to mi o,
elabena miaƒe asiwo ƒo ʋu.
 
16 “Mile tsi ne mia ŋuti nakɔ.
Miɖe miaƒe nu vɔ̃ɖiwo ɖa le nye ŋkume!
Midzudzɔ vɔ̃wɔwɔ,
17 ne miasrɔ̃ nyuiwɔwɔ!
Midi nuteƒewɔwɔ, eye mide dzi ƒo na
ame siwo wote ɖe anyi.
Miʋli tsyɔ̃eviwo ta,
eye miaxɔ nya ɖe ahosiwo nu.
 
18 “Miva, mina míade ŋugble ɖekae,”
Yehowa gblɔe.
“Togbɔ be miaƒe nu vɔ̃wo biã
abe nyagãdzĩ ene hã la,
woafu abe ɖetifu ene.
Ne wobiã abe ʋu ene hã la,
woafu abe alẽfu ɣi ene.
19 Ne mielɔ̃, eye mieɖo to la,
miaɖu anyigba la ƒe nu nyuitɔwo.
20 Ke ne miesẽ to, dze aglã la, yi atsrɔ̃ mi.”
Elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.
 
21 Tsã la, wokpɔa nuteƒewɔwɔ
kple dzɔdzɔenyenye le eme,
ezu hlɔ̃dolawo ƒe du.
22 Tsã la, klosalo si le keklẽm la wònye,
ke azɔ la, elé ɣebia eye wòzu abe wain nyuitɔ si wotɔ tsii ene.
23 Wò dumegãwo zu aglãdzelawo
kple fiafiwo xɔlɔ̃,
wolɔ̃a zãnuxɔxɔ, eye wotia nunanawo yome.
Womeʋlia tsyɔ̃eviwo ta o,
eye ahosiwo ƒe nya medzɔna le woƒe ʋɔnu o.
 
24 Eya ta ale Aƒetɔ,
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,
Israel ƒe Ŋusẽtɔ la gblɔe nye esi.
“O! Makpɔ gbɔɖeme tso nye ketɔwo ƒe asi me,
eye mabia hlɔ̃ nye futɔwo.
25 Matrɔ atsi tsitre ɖe mia ŋu,
atsra mia me, eye maɖe nu kuklui
siwo nye ɖiƒoƒo la ɖa le mia me.
26 Emegbe la, maɖo ʋɔnudrɔ̃lawo na mi
abe tsã ene, eye mana aɖaŋudelawo mi
abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene.
Emegbe la, woayɔ mi be Dzɔdzɔenyenye
kple Nuteƒewɔwɔ ƒe Du.”
 
27 Woaɖe Zion kple afia nyui tsotso,
eye woaɖe eƒe dzimetrɔlawo kple dzɔdzɔenyenye.
28 Ke woagbã aglãdzelawo
kple nu vɔ̃ wɔlawo siaa gudugudu,
eye woatsrɔ̃ ame siwo gbe nu le Yehowa gbɔ.
 
29 “Ŋu akpe mi le logoti siwo ŋu
miekpɔa dzidzɔ le la ŋu;
woade ŋukpe mo na mi le
abɔ siwo mielɔ̃na la ta.
30 Miazu abe logoti aɖe si ƒe aŋgbawo yrɔ
kple abɔ si me tsi aɖeke mele o la ene.
31 Ame sesẽ la azu gbe ƒuƒu,
eƒe dɔwɔwɔ azu dzoxi,
wo ame eve la woabi,
eye ame aɖeke mate ŋu atsii o.”