Ʋɔnudrɔ̃lawo
ƒe agbalẽ
1
Israel wɔ aʋa kple Kanaantɔ mamlɛawo
Le Yosua ƒe ku megbe la, Israel dukɔ la yi Yehowa gbɔ be wòana eƒe ɖoɖowo yewo. Wobia Yehowa be, “Mía dometɔ kae anye ƒome gbãtɔ si aho aʋa ɖe Kanaantɔwo ŋu?”
Yehowa ɖo eŋu be, “Yuda ƒe to lae eye mana wòaɖu dzi.”
Yuda ƒe viwo gblɔ na Simeon ƒe viwo be, “Miva kpe ɖe mía ŋu míanya ame siwo le anyigba si woma na mí la dzi ɖa eye míawo hã míakpe ɖe mia ŋu mianya mia tɔwo ɖa.” Ale Simeon ƒe viwo ƒe aʋakɔ yi ɖakpe ɖe Yuda ƒe viwo ŋu.
Yehowa na woɖu Kanaantɔwo kple Perizitɔwo dzi, wowu ame akpe ewo le Bezek. Wokpɔ Fia Adoni Bezek le afi ma eye wowɔ aʋa kplii, ke Adoni Bezek si eye wokplɔe ɖo, lée eye wolã eƒe degblefetsu asitɔwo kple afɔtɔwo siaa.
Fia Adoni Bezek gblɔ be, “Mewɔ fia blaadre ƒe asiwo kple afɔwo nenema tututu eye mena wofɔa nu wuwlui siwo ge tso nye kplɔ̃ dzi la ɖuna. Azɔ la, Mawu ɖo nye nu vɔ̃ teƒe nam.” Wokplɔe yi Yerusalem eye wòku le afi ma.
Yuda ƒe viwo ɖu Yerusalem dzi, wowu ameawo katã eye wotɔ dzo dua.
Le esia megbe la, Yuda ƒe viwo wɔ aʋa kple Kanaantɔwo le Negeb ƒe tonyigba dzi kple gbadzaƒe si le ƒuta. 10 Yuda ƒe viwo zɔ ɖe Kanaantɔwo dzi le Hebron, afi si woyɔna tsã be Kiriat Arba eye wogbã du siawo: Sesai, Ahiman kple Talmai. 11 Emegbe wodze Debir, du si woyɔna tsã be Kiriat Sefer la dzi.
12 Kaleb gblɔ be yeatsɔ ye vinyɔnu Aksa na ŋutsu si awɔ aʋa aɖu Kiriat Sefer dua dzi. 13 Otniel, Kenaz ƒe vi, ame si nye Kaleb ƒe tɔɖiyɔvi la, ɖu dua dzi, ale Kaleb tsɔ via nyɔnu Aksa na Otniel wozu srɔ̃a.
14 Esi Otniel kple Ahsa dze mɔ yina woƒe nɔƒe la, Ahsa gblɔ na Otniel be yeabia anyigba ye fofo kpe ɖe esi wòna ye xoxo la ŋu. Ale wòɖi le eƒe tedzi dzi be yeaƒo nu kple ye fofo, Kaleb, tso eŋuti. Kaleb biae be, “Nu kae hiã wò?”
15 Ahsa ɖo eŋu be, “Ènyo dɔ me nam, eye nèna anyigbam le Negeb, ke meɖe kuku, na vudowo hãm.” Ale Kaleb tsɔ vudo si le to dzi kple balime la nɛ.
16 Esi Yuda ƒe viwo ʋu yi woƒe anyigba yeye la dzi le Negeb gbegbe, le Arad ƒe anyigbeme la, Mose toa ƒe dzidzimeviwo, ame siwo nye Kenitɔwo ƒe to la me tɔwo la yi kple wo. Wodzo le Yeriko, “Detiwo ƒe Du,” la me eye to eveawo nɔ teƒe ɖeka tso ɣe ma ɣi.
17 Emegbe la, Yuda ƒe viwo ƒe aʋakɔ kpe ɖe Simeon ƒe viwo ƒe aʋakɔ ŋu, wowɔ aʋa kple Kanaantɔwo le Zefat du la me eye wowu ameawo katã. Ale woyɔa Zefat du la azɔ be, “Horma” si gɔmee nye “Amewo tsrɔ̃ƒe.” 18 Yuda ƒe viwo xɔ Gaza, Askelon kple Ekron kple wo ŋu kɔƒewo.
19 Yehowa na Yuda ƒe viwo tsrɔ̃ woƒe futɔ siwo le tonyigba la dzi, ke womete ŋu ɖu ame siwo le balime la ya dzi o elabena gatasiaɖamwo nɔ woawo si.
20 Wotsɔ Hebron du la na Kaleb le Yehowa ƒe ŋugbedodo nu, ale Kaleb nya dua me tɔwo, ame siwo nye Anak ƒe vi etɔ̃awo ƒe dzidzimeviwo.
21 Benyamin ƒe viwo mete ŋu tsrɔ̃ Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem o eya ta wogale afi ma kple Israelviwo va se ɖe egbe.
22 Azɔ la Yosef ƒe aƒe la dze Betel dzi eye Yehowa nɔ kpli wo. 23 Esi woɖo amewo ɖa be woatsa ŋku le Betel si woyɔna tsã be Luz la, 24 ŋkutsalawo kpɔ ŋutsu aɖe wòdo tso dua me eye wogblɔ nɛ be, “Fia mɔ si míato age ɖe dua me la mí ekema míakpɔ egbɔ be womawɔ nuvevi aɖeke wò o.” 25 Efia mɔ wo. Ale wowu dua me tɔwo katã kple yi negbe ŋutsu la kple eƒe ƒome blibo la ko. 26 Ŋutsu la ʋu yi ɖe Hititɔwo ƒe anyigba dzi, afi si wòtso du ɖo hena ŋkɔe be Luz eye aleae woyɔnɛ va se ɖe egbe.
27 Ke Manase ƒe viwo menya ame siwo nɔ Bet Sean, Taanak, Dor alo Ibleam alo Megido kple ame siwo nɔ wo ŋu kɔƒewo me la o elabena Kanaantɔwo ɖoe kplikpaa be yewoanɔ anyigba ma dzi. 28 Esi Israelviwo va kpɔ ŋusẽ la, wote Kanaantɔ ɖe anyi be woawɔ dzizizidɔ na yewo, gake womenya wo keŋkeŋ o. 29 Nenema ke Efraim ƒe viwo hã menya Kanaantɔ siwo nɔ Gezer la o, ke boŋ Kanaantɔwo nɔ wo dome.
30 Zebulɔn ƒe viwo hã menya Kanaatɔ siwo nɔ Kitron alo Nahalol la o, ke boŋ wotsi wo dome eye Israelviwo na wowɔ dzizizidɔ na wo. 31 Aser ƒe viwo menya ame siwo nɔ Ako, Sidon, Ahlab, Akzib, Helba, Afek kple Rehob o. 32 Le esia ta la, Aser viwo nɔ Kanaantɔ siwo nɔ anyigba la dzi la dome elabena womenyã wo ɖa o. 33 Nenema ke Naftali ƒe viwo hã menya ame siwo nɔ Bet Semes alo Bet Anat o, ke boŋ Naftali ƒe viwo hã nɔ Kanaantɔ siwo nɔ anyigba la dzi la dome. Ke wona ame siwo nɔ Bet Semes kple Bet Anat la zu dzizizidɔwɔlawo na wo. 34 Amoritɔwo xe mɔ na Dan ƒe viwo ale be wona wotsi tonyigba la dzi eye womena mɔ wo kura be woaɖiɖi ava balime la o.
35 Amoritɔwo ɖoe kplikpaa hã be Heres tɔ, Aiyalon kple Saalbim nanɔ yewoƒe asi me, gake esi Yosef ƒe aƒe ƒe ŋusẽ dzi ɖe edzi la, woawo hã zi Amoritɔwo dzi be woawɔ dzizizidɔ na yewo. 36 Amoritɔwo ƒe liƒo tso Akrabim to dzi mɔ gã la gbɔ yi ɖe Sela kple egodo ke.