20
Israel ƒe to mamlɛawo ho aʋa ɖe Benyamin ƒe to la ŋu
Ale Israelviwo katã tso Dan va se ɖe Beerseba kple Gileadnyigba dzi la ƒo ƒu abe ame ɖeka ene ɖe Yehowa ŋkume le Mizpa. Israelviwo ƒe towo katã ƒe kplɔlawo nɔ Mawu ƒe amewo ƒe ƒuƒoƒo la me kple asrafo akpe alafa ene (400,000), ame siwo lé yiwo ɖe asi. Benyamin ƒe to la se nu tso Israelviwo ƒe aʋakɔ ƒe ƒuƒoƒo ɖe Mizpa ŋu. Israel Fiawo yɔ Levitɔ si ƒe ahiãvi wowu la be wòagblɔ nya si dzɔ tututu la na yewo.
Levitɔ la gblɔ be, “Míeva ɖo Gibea, Benyamin ƒe to la ƒe du aɖe me gbe ɖeka fiẽ. Le zã ma me la, Gibea ŋutsuwo va ƒo xlã aƒe si me míedze eye woɖo be yewoawum. Wodɔ nye ahiãvi gbɔ va se ɖe esime wòku. Ale mefli ame kukua ɖe akpa wuieve me eye meɖo akpa ɖeka ɖe to ɖe sia ɖe le Israelnyigba dzi elabena ame siawo wɔ nu vɔ̃ vɔ̃ɖi aɖe. Azɔ la, Israelviwo, mina manya miaƒe susu eye miaɖo aɖaŋu le afi sia fifi la míase!”
Ameawo katã gblɔ kple gbe ɖeka be, “Mía dometɔ aɖeke mayi aƒe me o va se ɖe esime míahe to na Gibeatɔwo. Nu si míawɔ enye míadzidze nu ɖe wo dzi eye míatia ame aɖewo be woaho aʋa ɖe wo ŋu. 10 Israelviwo ƒe ewolia ƒe ɖeka ana nuɖuɖu aʋawɔlawo eye ame mamlɛawo ayi aɖahe to na Gibeatɔwo le nu vɔ̃ vɔ̃ɖi si wowɔ ɖe nyɔnu la ŋu le Israelnyigba dzi la ta.” 11 Ale dukɔ blibo la sɔ nu le dɔdeasi sia wɔwɔ me.
12 Eye Israel toawo ɖo amewo ɖe Benyamin ƒe to la be woagblɔ na wo be, “Mienya nane tso nu vɔ̃ vɔ̃ɖi si wowɔ le mia dome la ŋua? 13 Miɖe asi le nu vɔ̃ sia wɔlawo ŋu ale be, míate ŋu awu wo eye míaɖe vɔ̃ ɖa le Israelnyigba dzi.” Ke Benyamin ƒe to la meɖo to wo o, 14 Wotso woƒe duwo me va ƒo ƒu ɖe Gibea be yewoawɔ aʋa kple Israelviwo. 15 Benyamin ƒe viwo ƒo ƒu ame siwo ta yi akpe blaeve-vɔ-ade (26,000) tso woƒe duwo me enumake hekpe ɖe ame alafa adre (700) siwo wotia tso ame siwo le Gibea la ŋu. 16 Miawɔla alafa adre siwo nye aŋutrɔdala nyuiwo la nɔ ameawo dome, ame siwo ƒe alɔ dzɔna ale gbegbe be womedzidzea naneke danɛ ƒu o. 17 Israelviwo ƒe aʋawɔlawo, ame siwo dome Benyamin ƒe viwo mele o la de ame akpe alafa ene (400,000).
18 Hafi woadze aʋa la wɔwɔ gɔme la, Israelviwo yi Betel gbã eye wobia Mawu be, “To kae anɔ ŋgɔ na mí, míawɔ aʋa kple Benyamin ƒe to la?”
Yehowa ɖo eŋu be, “Yuda ƒe viwoe anɔ ŋgɔ.”
19 Esi ŋu ke la, Israelviwo ƒu asaɖa anyi te ɖe Gibea ŋu. 20 Israelviwo yi be woawɔ aʋa kple Benyamin ƒe viwo eye wodze aʋalɔgowo ɖe wo ŋu le Gibea. 21 Benyamin ƒe viwo do tso Gibea eye wowu Israelvi akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) le aʋagbedzi gbe ma gbe. 22 Ke Israelviwo de dzi ƒo na wo nɔewo eye wogaƒo ƒu ɖe teƒe si wonɔ le ŋkeke gbãtɔ dzi. 23 Israelviwo yi Yehowa gbɔ hefa avi nɛ va se ɖe fiẽ eye wobia Yehowa be, “Ɖe míagayi aɖawɔ aʋa kple Benyamin ƒe viwo, ame siwo nye mía nɔviwoa?”
Yehowa ɖo eŋu be, “Miyi miakpe aʋa kpli wo.”
Ale dzi gaɖo Israelviwo ƒo, wogada woƒe aʋawɔlawo ɖe afi si woda wo ɖo tsã. 24 Israelviwo gakpe aʋa kple Benyamin ƒe to la zi evelia. 25 Gbe ma gbe la, Benyamin ƒe to la gawu ame akpe wuienyi, ame siwo nye yidala nyuiwo la, le Israelviwo dome.
26 Israelʋakɔ blibo la yi Betel, wofa avi le Aƒetɔ la ŋkume vevie eye wotsi nu dɔ va se ɖe fiẽ. Wosa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa.
27 Israelviwo bia gbe Yehowa (le esime Mawu ƒe nubablaɖaka la nɔ afi ma 28 eye Finehas, Eleazar ƒe viŋutsu, ame si nye Aron ƒe tɔgbuiyɔvi la nɔ subɔsubɔdɔwo wɔm le egbɔ.) Wobia Yehowa be, “Ɖe míagawɔ aʋa kple mía nɔviwo, Beyamin loo alo míadzudzɔa?”
Yehowa ɖo eŋu be, “Miyi elabena etsɔ la matsɔ wo ade asi na mí.”
29 Ale Israelvi aɖewo de xa ɖe teƒe vovovoawo ƒo xlã Gibea 30 eye Israelviwo ho ɖe Benyaminviwo ŋu le ŋkeke etɔ̃a gbe hedze aʋa ɖe Gibea dzi abe tsã ene. 31 Esi Benyamin ƒe to la do go le dua me be yewoakpe aʋa kpli wo la, Israelviwo si yi megbe, Benyamin ƒe to la dze wo yome, ale wogblẽ Gibea ɖe megbe. Abe ale si wowɔ tsã ene la, Benyamin ƒe to la de asi Israelviwo wuwu me le mɔ si le Betel kple Gibea dome la dzi; ale wowu Israelvi blaetɔ̃.
32 Benyamin ƒe to la do ɣli be, “Míegale wo dzi ɖum egbe hã!” Ke, enye ɖoɖo le Israel ƒe aʋakplɔlawo dome do ŋgɔ be yewoasi ale be Benyamin ƒe to la nakplɔ yewo ɖo ale be woadzo le woƒe dua gbɔ. 33 Ke esi Israelviwo ƒe aʋalɔgo gãtɔ ɖo Baal Tama la, etrɔ hekpe aʋa kple Benyamin ƒe to la azɔ eye Israelvi akpe ewo si de xa ɖe Gibea ƒe ɣetoɖoƒe la, do go tso teƒe si wode xa ɖo 34 eye wokplɔ Benyamin ƒe to la ɖo to megbe, le esime Benyamin ƒe to la menya kura be aʋa si yewo to megbe o. 35 Ale Yehowa si Benyamin ƒe to la le Israelviwo ŋgɔ eye Israelviwo wu ame akpe blaeve vɔ atɔ̃ le Benyamin ƒe to la dome, ale wonya azɔ be woɖu yewo dzi; woƒe aʋawɔla ʋɛ aɖewo koe susɔ.
36 Israelviwo ƒe aʋalɔgo gãtɔ si yi megbe elabena woɖo ŋu ɖe woƒe aʋalɔgo si de xa ɖi ƒo xlã Gibea la ŋu. 37 Ame siawo yi Gibea dua me eye wowu ame sia ame. 38 Israel ŋutsuwo kple xadolawo ɖo gbe ɖi be ne wokpɔ dzudzɔ gã aɖe le dodom le dua me ko la 39 ekema Israel ƒe aʋalɔgo gãtɔ me nɔlawo natrɔ awɔ aʋa ŋkume kple ŋkume kple Benyamin ƒe to la. Esi Benyamin ƒe to la wu ame blaetɔ̃ xoxo ta la, wogblɔ na wo nɔewo be, “Míegasi wo abe ale si míesi wo tsã ene.” 40 Tete dzesi si woɖo da ɖi la dze na wo: dzudzɔ de asi tutu me kɔlikɔli le dua me. Esi Benyamin ƒe to la trɔ kɔ kpɔ megbe la, ewɔ nuku na wo be du blibo la nɔ bibim. 41 Israelviwo trɔ ɖe wo ŋu azɔ. Benyamin ƒe to la tɔtɔ eye wosi ɖo ta gbedzi elabena wodze sii azɔ be yewotsrɔ̃ vɔ. 42 Wosi le Israelviwo nu ɖo ta gbedzi, Israelviwo kplɔ wo ɖo eye ame siwo be ɖe mɔa dzi la va kpe ɖe wo nɔviwo ŋu hewu Benyamin ƒe to la tso megbe. 43 Woɖe to ɖe Benyamin ƒe aʋakɔ la le Gibea ƒe ɣedzeƒe lɔƒo eye wowu wo dometɔ geɖewo le afi ma. 44 Ame akpe wuienyie (18,000) ku le Benyamin ƒe to la ƒe aʋawɔlawo dome gbe ma gbe. 45 Agbetsilawo si yi gbedzi le Rimon kpe la gbɔ le esime wowu wo dometɔ ame akpe atɔ̃ le mɔa dzi eye wogawu ame akpe eve le Gidom gbɔ.
46 Gbe ma gbe la, Benyamin ƒe to la me tɔ akpe blaeve vɔ atɔ̃, ame siwo nye yidala kalẽtɔwo la tsi aʋa. 47 Ke ame alafa ade si yi gbegbe la, yi Rimon ƒe agakpe la gbɔ eye wonɔ afi ma ɣleti ene. 48 Israel ƒe aʋakɔ la trɔ azɔ ɖe dua gbɔ eye wowu Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa. Wotsrɔ̃ woƒe lãwo eye wotɔ dzo du kple kɔƒe ɖe sia ɖe le anyigba blibo la dzi.