Yeremia
ƒe agbalẽ
1
Nyagblɔɖila Yeremia ƒe agbalẽ
Esiawoe nye Yeremia, Hilkia ƒe vi ƒe nyawo. Hilkia nye Nunɔla siwo nɔ Anatɔt le Benyaminyigba dzi la dometɔ ɖeka. Yehowa ƒe nya va nɛ le Yuda fia Yosia, Amon ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuietɔ̃lia me. Egblɔ nya ɖi le Yehoyakim, Yosia ƒe vi, Yuda fia ƒe ɣeyiɣiwo me hã va se ɖe Yuda fia, Zedekia, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti atɔ̃lia me. Ɣe ma ɣie wokplɔ Yerusalem nɔlawo yi aboyo mee.
 
Woɖo Yeremia nyagblɔɖilae
Yehowa ƒe nya va nam be,
“Hafi mava me wò ɖe dawò ƒe dɔ me la, menya wò;
hafi woava dzi wò la, mekɔ ŋutiwò da ɖi
eye meɖo wò Nyagblɔɖilae na dukɔwo.”
Ke megblɔ be, “O, Aƒetɔ Mawu, nyemenya nuƒoƒo o eye ɖevi ko meganye.”
Ke Yehowa gblɔ nam be, “Mègagblɔ be, ‘Ɖevi ko menye’ o. Ele na wò be nàyi ame sia ame si gbɔ medɔ wò ɖo eye nàwɔ nu sia nu si ƒe se mede na wò. Mègavɔ̃ na wo o, elabena meli kpli wò be maɖe wò.” Yehowae gblɔe.
Emegbe Yehowa do eƒe asi ɖa tsɔ tɔ nu nam eye wògblɔ nam be, “Azɔ metsɔ nye nyawo de wò nu me. 10 Kpɔ ɖa, egbe meɖo wò nyagblɔɖilae na dukɔwo kple fiaɖuƒewo be nàho nu, avuvu nu, agblẽ nu, amu nuwo aƒu anyi, nàtso aƒe, eye nàdo nu.”
11 Yehowa ƒe nya va nam bena, “Nu ka kpɔm nèle, Yeremia?”
Meɖo eŋu be, “Mele yevuziti ƒe alɔdze kpɔm.”
12 Yehowa ƒe nya va nam be, “Èkpɔe tututu, elabena manɔ ŋute akpɔ egbɔ be nye nya va eme.”
13 Yehowa ƒe nya gava nam be, “Nu ka kpɔm nèle?”
Meɖo eŋu be, “Mekpɔ ze si me tsi le fiefiem le, eye wòviã ɖe anyiehe gome.”
14 Yehowa gblɔ nam be, “Gbegblẽ atso anyiehe ava ƒo ɖe anyigbadzinɔlawo katã dzi. 15 Esusɔ vie maƒo dzigbemefiaɖuƒe la me nɔlawo katã nu ƒu.” Yehowae gblɔe.
“Woƒe fiawo ava li woƒe fiazikpuiwo anyi ɖe
Yerusalem ƒe agbowo nu,
woava ɖe to ɖe eƒe gliwo katã
kple Yuda duwo katã ŋu.
16 Mabu fɔ nye amewo ɖe nu vɔ̃ɖi si wowɔ hegblẽm ɖi,
eye wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na mawu bubuwo hesubɔ nu
siwo woawo ŋutɔ wɔ kple asi la ta.
17 “Dzra ɖokuiwò ɖo! Tso kpla ne nàgblɔ nu siwo katã megblɔ na wò la na wo. Womegadzi ŋɔ na wò o, ne menye nenema o la, mado ŋɔdzi na wò le wo ŋkume. 18 Kpɔ ɖa, egbe mewɔ wò nènye du si woɖo gli sesẽwo ƒo xlãe. Mewɔ wò gasɔti kple akɔbliglii, be nàtsi tsitre ɖe anyigba blibo la ŋuti, ɖe Yuda fiawo, woƒe dumegãwo, nunɔlawo kple anyigbadzinɔlawo katã ŋuti. 19 Woawɔ avu kpli wò, gake womaɖu dziwò o, elabena meli kpli wò be maɖe wò.” Yehowae gblɔe.