17
“Wotsɔ ganuŋlɔnu kple nuŋlɔti
si kpe xɔasi aɖe le nugbɔ na la ŋlɔ Yuda ƒe nu vɔ̃ ɖe
woƒe dziwo ƒe nuŋlɔkpewo dzi,
kple woƒe vɔsamlekpuiwo ƒe dzowo ŋuti.
Wo viwo gɔ̃ hã ɖo ŋku woƒe vɔsamlekpuiwo
kple aƒeli siwo le wo ŋuti le ati damawo te
kple togbɛ kɔkɔwo dzi la dzi.
Matsɔ nye to si le anyigba dzi,
miaƒe nu xɔasiwo kple miaƒe kesinɔnuwo katã ana
woaha hekpe ɖe miaƒe nuxeƒewo ŋuti le nu vɔ̃
si miewɔ le miaƒe anyigba blibo la dzi la ta.
To miawo ŋutɔ ƒe vodada me la,
miabu domenyinu siwo katã metsɔ na mi.
Mana miazu kluviwo na miaƒe futɔwo
le anyigba si mienya o la dzi
elabena miede dzo nye dɔmedzoe me
eya ta abi ɖe mia ŋuti ɖaa.”
Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Aɖi ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe amegbetɔ dzi,
hetsɔ ŋutilã wɔ eƒe ŋusẽkpɔtsoƒee
eye eƒe dzi te ɖa xaa tso Yehowa gbɔ la ŋuti kpekpekpe!
Anɔ abe gbe le dzogbenyigba dzi ene
eye ne dzɔgbenyui va la, makpɔe o.
Anɔ gbegbe ƒe kuɖiɖinyigbawo dzi
kple dzeƒutagba afi si ame aɖeke menɔna o.”
 
“Ke woayra ŋutsu si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu
eye wòtsɔa eƒe dzideƒo dea Yehowa me.
Eya amea anɔ abe ati si wodo ɖe tɔ to,
eye wòƒo ke ɖe tɔʋu la te ene.
Ne ŋdɔ le ʋuʋum sesĩe hã la,
mevɔ̃na o eye eƒe aŋgbawo hã daa ama ɣe sia ɣi.
Eƒe dzi metsona le kuɖiɣi o eye wòtsea ku ɖaa.”
 
Ame ƒe dzi nye nu si daa alakpa wu nuwo katã
eye womate ŋu ayɔ dɔe o. Ame ka ate ŋu ase egɔme?
 
10 “Nye Yehowae dzroa dziwo me,
eye medoa susuwo kpɔ be maɖo eteƒe na
ame sia ame ɖe eƒe zɔzɔme kple nu si
eƒe nuwɔwɔwo dze na la nu.”
 
11 Abe ale si koklo ƒoa azi si menye etɔ o ene la,
nenemae wòanɔ na ame si ƒo kesinɔnuwo nu
ƒu to mɔ fitifitiwo dzi.
Kesinɔnuawo avɔ le esi le eƒe agbe me, eye le nuwuwu la,
aɖee afia be yenye bometsila.
 
12 Ŋutikɔkɔe ƒe fiazikpui si wodo ɖe dzi
le gɔmedzedzea me ke lae nye teƒe
si miaƒe kɔkɔeƒe la le.
13 O Yehowa, Israel ƒe mɔkpɔkpɔ,
ame siwo katã gbe wò la, ŋu akpe wo.
Ame siwo trɔ le yowòme la,
woaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe kewɔ me
elabena wogbe nu le Yehowa,
agbetsivudo la gbɔ.
 
14 Yɔ dɔm, O Yehowa eye makpɔ dɔyɔyɔ.
Ɖem ekema makpɔ ɖeɖe elabena wòe mekafuna.
15 Wole biayem ɖaa be,
“Afi ka Yehowa ƒe nya la le?
Neva eme azɔ!”
16 Nyemesi dzo be nyemaganye wò alẽkplɔla o;
ènya be ŋkeke vɔ̃ la hã medzrom o.
Nu siwo katã megblɔ kple nye nu la,
le ƒeƒle le ŋkuwòme.
17 Mèganye ŋɔdzinu nam o
elabena wòe nye nye sitsoƒe
le gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi.
18 Na ŋu nakpe yonyemetilawo, ke nye ya,
ɖem tso ŋukpe me.
Dzidzi neƒo wo, gake nye ya ŋɔ megadzim o.
Na gbegblẽ ƒe ŋkeke la nava wo dzi eye nàgbã wo,
agagbã wo ɖe edzi.
Miwɔ Sabat la kɔkɔe
19 Ale si Yehowa gblɔ nam lae nye esi: “Yi, nàtsi tsitre ɖe agbo si me dua me tɔwo kple Yuda fiawo tona dona, gagbɔna la nu. Nenema ke, nàtsi tsitre ɖe agbo bubu siwo woɖo ɖe Yerusalem dua ŋu la nu. 20 Gblɔ na wo be, ‘Mise Yehowa ƒe nya, O Yuda fiawo kple mi Yudatɔwo katã kple mi ame siwo katã le Yerusalem, ame siwo toa agbo siawo me.’ 21 Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mikpɔ nyuie be miagatsɔ agba aɖeke le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi alo atsɔe ato Yerusalem ƒe agbowo mee o. 22 Migatsɔ agba aɖeke do goe tso miaƒe aƒewo me loo alo awɔ dɔ aɖeke le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi o, ke boŋ miwɔ Dzudzɔgbe ŋkeke la kɔkɔe abe ale si mede see na mia fofowo la ene. 23 Gake womeɖo to alo ƒu to anyi o. Wonye kɔlialiatɔwo eye womeɖo to alo bɔbɔ ɖe hehe te o. 24 Ke Yehowa be ne miedze kɔ anyi heɖo tom, eye mietsɔ agba aɖeke to du sia ƒe agbowo me le Dzudzɔgbe dzi o, ke boŋ miewɔ Dzudzɔgbe ŋkeke la kɔkɔe, eye miewɔ dɔ aɖeke le edzi o la, 25 ekema fia siwo anɔ David ƒe fiazikpui dzi la, ava to du sia ƒe agbowo me kple woƒe dumegãwo. Wo kple woƒe dumegãwo anɔ tasiaɖamwo me kple sɔwo dzi ava, Yudatɔwo kple ame siwo le Yerusalem la akplɔ wo ɖo eye du sia anye amenɔƒe tegbee. 26 Amewo ava tso Yuda duwo kple kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem la me, woava tso Benyaminyigba dzi kple ɣetoɖoƒebaliwo me, tso keke togbɛnyigbawo dzi kple gbegbenutowo me. Woatsɔ numevɔsawo, akpedavɔsawo, nuɖuvɔsawo, atike ʋeʋĩwo kple kafukafuvɔsawo ava Yehowa ƒe aƒe mee. 27 Gake ne miegbe toɖoɖom, miewɔ Dzudzɔgbe la kɔkɔe o, mietsɔ agba to Yerusalem ƒe agbowo me le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi la, ekema mado dzo matsimatsi ɖe Yerusalem ƒe agbowo nu eye wòafia eƒe mɔ sesẽwo.’ ”