42
Emegbe, asrafomegãwo katã kpe ɖe Yohanan, Karea ƒe vi, Yezania, Hosaya ƒe vi kple ameha la katã ŋu tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi va gblɔ na Nyagblɔɖila Yeremia be, “Míeɖe kuku na wò, se míaƒe kokoƒoƒo eye nàdo gbe ɖa na Yehowa, wò Mawu la ɖe ameha mamlɛawo ta elabena abe ale si nèle ekpɔmii fifia ene la, togbɔ be miesɔ gbɔ tsã hã la, azɔ la, ame ʋɛ aɖewo koe susɔ. Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la be wòafia afi si míayi kple nu si míawɔ la mí.”
Nyagblɔɖila Yeremia ɖo eŋu na wo be, “Mese nya si miegblɔ; kpɔ ɖa, maɖe kuku na Yehowa, míaƒe Mawu la abe ale si miebia ene, magblɔ nya sia nya si wògblɔ nam la na mi eye nyemaɣla ɖeke ɖe mi o.”
Wogblɔ na Yeremia be, “Ɖekoe Yehowa nanye ɖasefo anukwaretɔ kple nuteƒewɔla ɖe mía ŋu ne míewɔ ɖe nu sia nu si Yehowa, wò Mawu la dɔ wò be nàgblɔ na mí la dzi o. Eɖanye nya nyui alo nya vɔ̃ o, míaɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la ame si gbɔ míele dɔwòm ɖo, be eme nanyo na mí, elabena míaɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la.”
Le ŋkeke ewo megbe la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia. Ale wòyɔ Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo katã le eŋu kple ameha la katã tso ɖeviwo dzi yi ɖe tsitsiawo dzi. Egblɔ na wo be, “Ale Yehowa Israel ƒe Mawu la, ame si gbɔ miedom ɖo be matsɔ miaƒe kokoƒoƒo nɛ la gblɔe nye esi: 10 ‘Ne mienɔ anyigba sia dzi la, matu mi eye nyemagbã mi o, mado mi eye nyemaho mi o, elabena gbegblẽ si mehe va mia dzii la vem ŋutɔ. 11 Migavɔ̃ na Babilonia fia si vɔ̃m miele fifia o. Yehowa be migavɔ̃ nɛ o, elabena meli kpli mi be maxɔ na mi eye maɖe mi tso eƒe asi me. 12 Makpɔ nublanui na mi, be eya hã nakpɔ nublanui na mi eye wòaɖo mi te le miaƒe anyigba dzi.’
13 “Ke ne miegblɔ be, ‘míanɔ anyigba sia dzi o,’ miegbe toɖoɖo Yehowa, miaƒe Mawu la 14 eye ne miegblɔ be, ‘Gbeɖe, míayi aɖanɔ Egipte, afi si míakpɔ aʋa teƒe le, ase kpẽ ƒe ɖiɖi loo, alo abolo mahiã mí le o la,’ 15 ekema mise Yehowa ƒe nya, ‘O mi ame siwo susɔ ɖe Yuda, ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Ne mieɖoe kplikpaa be yewoayi Egipte, eye mieyi ɖanɔ afi ma la, 16 ekema yi si miele vɔvɔ̃m na la ava tu mi le afi ma eye dɔwuame si le ŋɔ dzim na mi la hã akplɔ mi ɖo ayi Egipte, afi mae miaku ɖo. 17 Le nyateƒe me, ame siwo katã ɖoe kplikpaa be yewoaɖanɔ Egipte la aku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, wo dometɔ aɖeke matsi agbe alo asi le gbegblẽ si mahe va wo dzii la nu o.” ’ 18 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Abe ale si wotrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ kɔ ɖe ame siwo nɔ Yerusalem dzii ene la, nenema kee woatrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ la akɔ ɖe mia dzii ne mieyi ɖe Egipte. Miazu ɖiŋudonu, ŋɔdzinu, atamkanu kple alɔmeɖenu eye miagakpɔ teƒe sia akpɔ gbeɖe o.’
19 “O Yuda ƒe ame mamlɛawo, Yehowa gblɔ na mi be, ‘Migayi Egipte o.’ Nenɔ nyanya me na mi, be egbe mexlɔ̃ nu mi, be 20 miewɔ vodada gã aɖe, esi miedɔm ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ hegblɔ be, ‘Ɖe kuku na Yehowa, miaƒe Mawu la na mí; gblɔ nu sia nu si wòagblɔ na wò la na mí eye míawɔ ɖe edzi.’ 21 Megblɔe na mi egbe gake miewɔ ɖe nu siwo katã Yehowa, miaƒe Mawu la gblɔ nam be magblɔ na mi la dzi haɖe o. 22 Eya ta azɔ maka ɖe edzi na mi be miaku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, le teƒe si mieɖo be yewoayi aɖanɔ.”