46
Gbedeasi tso Egipte ŋu
Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Nyagblɔɖila Yeremia tso dukɔwo ŋuti.
 
Tso Egipte ŋu:
 
Esia nye gbedeasi na Egipte fia Farao Neko ƒe aʋakɔwo, ame siwo dzi Babilonia fia Nebukadnezar ɖu le Frat tɔsisi la nu le Karkemis le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me:
“Midzra miaƒe akpoxɔnu gãtɔwo
kple suetɔwo ɖo eye miado ayi ɖe aʋa!
Mitsi sɔwo ɖe tasiaɖamwo ŋu
eye miade sɔwo dzi! Miɖɔ gakukuwo,
mido mia tɔ ɖe mia nɔƒewo!
Minyre miaƒe akplɔwo eye miado miaƒe gawuwo!
Nu ka kpɔm mele?
Dzidzi ƒo wo, wogbugbɔ ɖe megbe,
woɖu woƒe kalẽtɔwo dzi.
Wosi kple du kple du megbemakpɔmakpɔtɔe
eye ŋɔdzi ƒo xlã wo godoo.”
Yehowae gblɔe.
“Afɔ ɖeablɛtɔ mate ŋu asi
alo ŋusẽtɔ naɖe eɖokui o.
Le anyiehe, le Frat tɔsisi la to,
afi mae wokli nu hedze anyi ɖo.
 
“Ame kae nye esi gbɔna le eɖokui kɔm ɖe dzi abe Nil
kple tɔsisi siwo me tsi le sisim sesĩe ene?
Egipte le kɔkɔm ɖe dzi abe Nil
kple tɔsisi siwo me tsi le sisim kplakplakpla ene,
egblɔ be, ‘Maɖo axɔ ɖe anyigba blibo la dzi;
matsrɔ̃ amewo kple woƒe duwo.’
O, sɔwo, milũ ɖe wo dzi!
O, tasiaɖamkulawo,
miku wo kple ŋkubiã!
O, kalẽtɔwo, mizɔ yi ŋgɔ tẽe,
eye mi Kus kple Put ŋutsu siwo tsɔa akpoxɔnuwo
kple Lidia ŋutsu siwo daa aŋutrɔ nyuie!
10 Gake gbe ma gbe nye Aƒetɔ Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la tɔ,
hlɔ̃biaŋkeke wòanye, ne wòabia hlɔ̃ eƒe futɔwo.
Yi aɖu nu va se ɖe esime wòaɖi ƒo
eye ano ʋu va se ɖe esi me wòaɖi kɔ
elabena Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
asa vɔ le anyiehenyigba dzi, le Frat tɔsisi la to.
 
11 “O, ɖetugbi dzadzɛ, Egipte vinyɔnu,
yi ɖe Gilead nàƒle dɔyɔmi.
Dzodzroe nèli kɔ atikewo gleglegle,
elabena màhaya akpɔ o.
12 Dukɔwo ase wò ŋukpeŋkɔ
eye wò ɣlidodo axɔ anyigba la dzi.
Kalẽtɔ akli nɔvia kalẽtɔ eye wo
kple eve la siaa woadze anyi.”
13 Esia nye Yehowa ƒe nya si wòtsɔ na Nyagblɔɖila Yeremia tso ale si Babilonia fia Nebukadnezar ava dze Egipte dzi la ŋuti.
14 “Miɖe gbeƒã le Egipte,
mido kpoe le Migdol eye mido kpoe le Memfis
kple Tapanhes hã.
‘Mitso miadzra ɖo, ne mianɔ mia nɔƒewo
elabena yi wu ame siwo ƒo xlã mi godoo.’
15 Nu ka ŋuti woana wò kalẽtɔwo naɖo baba ɖe anyigba?
Womate ŋu anɔ te o,
elabena Yehowa atutu wo aƒu anyi.
16 Woakli nu enuenu eye woadze anyi ɖe wo nɔewo dzi.
Woagblɔ be, ‘Mitso, mina míatrɔ ayi míaƒe amewo gbɔ,
le mía denyigba dzi eye míasi le ameteɖeanyila ƒe yi nu.’
17 Afi ma woado ɣli le be,
‘Egipte fia Farao nye ɣli ƒuƒlu dola;
eƒe mɔnukpɔkpɔ to eta va yi.’ ”
 
18 Ale fia si ŋkɔe nye Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi:
“Meta nye agbe be ame aɖe ava abe Tabɔr le towo dome
kple Karmel le atsiaƒu to ene.
19 Miƒo ƒu miaƒe nuwo na aboyomeyiyi,
mi ame siwo le Egipte,
elabena Memfis azu aƒedo eye woagbãe gudugudu
be ame manɔ eme o.
 
20 “Egipte le abe nyinɔ sue dzeani ene
gake togbato tso anyiehe gbɔna ɖe edzi dze ge.
21 Asrafo siwo wotsɔ aʋae la
le abe nyivi damiwo ene.
Woawo hã atrɔ megbe asi adzo,
womate ŋu anɔ te o,
elabena woƒe gbegblẽ gbɔna
eye woƒe tohegbe va ɖo.
22 Ne futɔwo ƒe aʋakɔ ho gbɔna la,
Egipte axlɔ̃ abe da si le sisim ene,
woatso ɖe eŋu kple fia abe ŋutsu
siwo lãa ati ene.
23 Togbɔ be eƒe avewo do ale gbegbe hã la,
woalã wo akɔ ɖi.
Ameawo sɔ gbɔ wu ʋetsuviwo
eye womate ŋu axlẽ wo o.
Yehowae gblɔe.
24 Woado ŋukpe Egipte vinyɔnu
eye woatsɔe ade asi na ame siwo le anyiehe.”
25 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be, “Mahe gbegblẽ va Tebestɔwo ƒe mawu Amon, Farao, Egipte, eƒe fiawo kple eƒe mawuwo kple ame siwo katã ziɔ ɖe Farao ŋuti la dzi. 26 Makplɔ wo ade asi na Babilonia fia Nebukadnezar kple eŋutime siwo le woƒe agbe yome tim. Gake emegbe la, amewo aganɔ Egiptenyigba dzi abe tsã ƒe ɣeyiɣiwo me ene.” Yehowae gblɔe.
27 “O Yakob, nye dɔla, mègavɔ̃ o;
O Israel, wò mo megatsi dãa o.
Maɖe wò godoo tso didiƒenyigba aɖe dzi
kple wò dzidzimeviwo tso anyigba si dzi
woɖe aboyo wo ɖo ɖo la.
Yakob aganɔ anyi le ŋutifafa kple dedinɔnɔ me
eye ame aɖeke mado ŋɔdzi nɛ o.
28 Mègavɔ̃ o, O nye dɔla Yakob,
elabena meli kpli wò.
Togbɔ be metsrɔ̃ dukɔ siwo katã me
mekaka mi ɖo ɖo keŋkeŋ hã la,
nyematsrɔ̃ wò ya keŋkeŋkeŋ o.
Mahe to na wò gake ɖe dzɔdzɔenyenye dzi;
Ɖekoe nyemana nàyi tomahemahee kura o.”