4
Elifaz ƒo nu
Tete Temanitɔ Elifaz ɖo eŋu na Hiob be,
“Ne ame aɖe te kpɔ be yeaƒo nu kpli wò la,
ɖe nàgbɔ dzi ɖi aseea?
Ke ame kae ate ŋu azi ɖoɖoe le nu sia ŋuti?
Bu ale si nèfia nu ame geɖewo
kple ale si nèdo ŋusẽ asi beliwoe ŋuti.
Wò nyawo lé ame siwo yina anyi dze ge la ɖe te
eye nèdo ŋusẽ klo beliwo.
Ke azɔ la, dzɔgbevɔ̃e va dziwò,
eye dzi ɖe le ƒo wò;
eƒo wò ƒu anyi eye nèse veve.
Ɖe wò Mawuvɔvɔ̃ manye wò dzideƒo
eye wò blibodede nanye wò mɔkpɔkpɔ oa?
 
“Azɔ bu eŋuti kpɔ.
Ame maɖifɔ ka wohe to na kpɔ?
Afi ka wogblẽ ame dzɔdzɔe dome le kpɔ?
Abe ale si mede dzesii ene la,
ame siwo ŋlɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ƒe agble
eye woƒã dzɔgbevɔ̃e lae ŋenɛ.
Ne Mawu gbɔ ɖe wo dzi la woyrɔna
eye ne eƒe dziku fla la wotsrɔ̃na.
10 Dzatawo aɖe gbe,
axlɔ̃ sesĩe gake woate ŋu aŋe aɖu na dzataviwo.
11 Dzata kuna ne mekpɔ nu lé o
eye dzatanɔwo kakana.
 
12 “Wotsɔ nya aɖe vɛ nam le adzame,
nye towo see wotsɔe do dalĩ nam.
13 Le drɔ̃ewo me le zã me,
esi amewo dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi la,
14 vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya lém
eye wona nye ƒuwo katã dzo kpekpekpe.
15 Gbɔgbɔ aɖe ɖo asagba va to nye ŋkume yi
eye ɖadoe ɖo to ɖe ŋunye.
16 Etɔ gake nyemate ŋu agblɔ nu si wònye o.
Nɔnɔme aɖe va tsi tsitre ɖe ŋkunye me
eye mese gbe bɔlɔe aɖe be,
17 ‘Ɖe ame kodzogbea anɔ dzɔdzɔe wu Mawua?
Ɖe amegbetɔ anɔ dzadzɛe wu eƒe Wɔlaa?
18 Ne Mawu meka ɖe eƒe dɔlawo dzi o
eye wòbua fɔ eƒe dɔlawo be woda vo,
19 ʋuu keke, ke wòahanye ame siwo le anyixɔwo me,
ame siwo gɔme woɖo anyi ɖe ke me
eye wogbãa wo bɔbɔe abe ŋɔvi ene!
20 Wogbãa wo gudugudu le fɔŋli kple zã dome,
ame aɖeke menyana gɔ̃ hã o,
ale wotsrɔ̃na gbidii.
21 Ɖe womehoa woƒe agbadɔkawo, ale be
woaku numanyamanyae oa?’ ”