7
“Ɖe menye dɔ sesẽ mee amegbetɔ le
le anyigba dzi oa?
Ɖe eƒe ŋkekewo mele
abe agbatetsɔla tɔ ene oa?
Abe ale si kluvi dina be zã nedo kaba
alo agbatetsɔla kpɔa mɔ na eƒe fetu vevie ene la,
nenemae wotsɔ ɣleti siwo me fukpekpe le
kple zã siwo me hiãtuame le la nam.
Ne memlɔ anyi la, nye susu gblɔna be,
‘Ɣe ka ɣi gɔ̃e mele fɔfɔ ge?’
Zã didina eye meƒoa togotogoe
le aba dzi va se ɖe fɔŋli.
Nye ŋutilã dze abi kple nyẽ helé dzɔbu
eye nye ŋutigbalẽ wó gblogblogblo hele tsi ƒaƒã tsyɔm.
 
“Nye ŋkekewo le du ɖim wu avɔlɔ̃ʋu
eye wowua enu mɔkpɔkpɔmanɔmee.
O Mawu, ɖo ŋku edzi be,
nye agbe la, ƒuƒu ko wònye,
nye ŋkuwo magakpɔ dzidzɔŋkekewo akpɔ o.
Ŋku si le kpɔyem fifia la magakpɔm akpɔ o,
miadim eye nyemanɔ anyi o.
Abe ale si lilikpo buna eye enu va yinae ene la,
nenemae ame si yi tsiẽƒe la megagbɔna o.
10 Magatrɔ ava eƒe aƒe me akpɔ o,
eye eƒe nɔƒe hã magadze sii o.
 
11 “Eya ta nyemazi ɖoɖoe o,
maƒo nu tso nye gbɔgbɔ ƒe vevesese me,
eye mafa konyi le nye luʋɔ ƒe nuxaxa me.
12 Nyee nye atsiaƒu alo lã dziŋɔ si le atsiaƒu ƒe gogloƒe be,
nèɖe dzɔlawo ɖo ŋunyea?
13 Ne mebu be nye aba afa akɔ nam
eye suɖi aɖe nye konyifafa dzi akpɔtɔ la,
14 ekema ètsɔa drɔ̃ewo doa vɔvɔ̃ nam
eye nètsɔa ŋutegawo doa ŋɔdzi nam.
15 Ale be melɔ̃ kudɔƒoƒo
kple ku wu nye ŋutilã sia.
16 Menyɔ ŋu nye agbe,
nyemanɔ agbe ɖaa o.
Ɖe asi le ŋunye,
viɖe mele nye ŋkekewo ŋu o.
 
17 “Nu kae nye amegbetɔ be nèdo kɔkɔe alea,
be nètsɔ ɖe le eme nɛ nenema gbegbe,
18 be nèléa ŋku ɖe eŋu ŋdi sia ŋdi
eye nèdonɛ kpɔ aɖabaƒoƒo ɖe sia ɖe?
19 Ɖe màgaɖe ŋku ɖa le ŋunye
alo ana gbɔdzɔem aɖabaƒoƒo ɖeka hɔ̃ɔ gɔ̃ hã oa?
20 Ne mewɔ nu vɔ̃ ɖe, O amegbetɔwo ŋu dzɔla,
nu ka mehewɔ ɖe ŋutiwò?
Nu ka ŋuti nède dzesim heɖe ŋku tɔm ale?
Ɖe mezu agba ɖe dziwòa?
21 Nu ka ta mèɖe ŋku ɖa le nye dzidadawo ŋu
eye mètsɔ nye nu vɔ̃wo kem o?
Elabena esusɔ vie mamlɔ ke me,
àdim gake nyemaganɔ anyii o.”