9
Tete Hiob ƒo nu
Hiob ɖo eŋu nɛ gblɔ be,
“Vavã menya be esia nye nyateƒe,
gake aleke amegbetɔ kodzogbea
anɔ dzɔdzɔe le Mawu ŋkumee?
Togbɔ be anye ame ƒe didi be
yeahe nya kplii hã la,
mate ŋu aɖo nya ɖeka pɛ hã ŋu
nɛ le nya akpe dome o.
Eƒe nunya de to, eƒe ŋusẽ keke ta,
ame kae tso ɖe eŋu kpɔ gbe abixɔxɔ?
Emli towo ɖa gake womenya o
eye wòtrɔ wo bu anyi le eƒe dziku me.
Eʋuʋu anyigba le enɔƒe eye wòna
eƒe sɔtiwo ʋuʋu kpekpekpe.
Eƒoa nu na ɣe eye meklẽna o,
etsɔa nu xea ɣletiviwo ŋkume
ale be womeklẽna o.
Eya ɖekae keke dziƒowo me
eye wòzɔa ƒutsotsoewo dzi.
Eyae wɔ ɣletivi siwo woyɔna be,
Avutɔ, Koklovinɔ kple Atifieŋu
kple dzieheɣletiviwo.
10 Ewɔ nu dzɔtsu siwo me dzodzro meli o
eye wòwɔ nukunu siwo mele xexlẽme o.
11 Ne eva to ŋunye yi la, nyemate ŋu akpɔe o,
ne etso eme va yi la, nyemate ŋu adze sii o.
12 Ne exɔ nu le ame si sesẽtɔe la,
ame kae ate ŋu aɖo asi edzi?
Ame kae ate ŋu agblɔ nɛ be,
‘Nu kae nye ema wɔm nèle?’
13 Mawu meɖoa asi eƒe dziku dzi o,
Rahab ƒe aʋakɔwo gɔ̃ hã bɔbɔ ɖe eƒe afɔ te.
 
14 “Eya ta aleke nye ya mate ŋu aɖe ɖeklemie?
Afi ka makpɔ nyawo le atsɔ ahe nya kplii?
15 Togbɔ be nyemedze agɔ o hã la,
nyemate ŋu aɖo nya ŋu nɛ o.
Kuku ko mate ŋu aɖe na nye Ʋɔnudrɔ̃la be
wòakpɔ nublanui nam.
16 Ne meyɔe eye wòtɔ nam gɔ̃ hã la,
nyemebu be aɖo tom o.
17 Atsɔ ahomya agbãm gudugudu
eye wòadzi nye abiwo ɖe edzi dzodzro.
18 Maɖe mɔ nam be magakpɔ gbɔdzɔe o,
ke boŋ ana vevesese nakpɔ ŋusẽ ɖe dzinye.
19 Ne ŋusẽ ƒe nya wònye la, kpɔ ɖa,
ŋusẽtɔe wònye!
Ke ne enye ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe nya la,
ame kae akplɔe ayi ʋɔnui?
20 Ne nyemeɖi fɔ o gɔ̃ hã la, nye nu abu fɔm,
eye ne nyemedze agɔ o hã la, abu fɔm.
 
21 “Togbɔ be nyemeɖi fɔ o hã la,
nyemetsɔ ɖeke le eme na ɖokuinye o
eye medo vlo nye ŋutɔ nye agbe.
22 Wo katã le ɖeka eya ta megblɔ be,
‘Etsrɔ̃a ame maɖifɔ kple ame vɔ̃ɖi la siaa.’
23 Ne ameƒoti he ku vɛ kpata la,
eɖea alɔme le ame maɖifɔ ƒe mɔkpɔkpɔ bubu ŋuti.
24 Ne anyigba aɖe ge ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe asi me la,
ekema etsyɔa nu mo na eƒe ʋɔnudrɔ̃lawo.
Ne menye eyae o ɖe, ekema ame kae?
 
25 “Nye ŋkekewo le du ɖim wu duƒula,
wodzo dzo kabakaba dzidzɔ aɖeke manɔmee.
26 Wozɔ mii va yi abe aƒlaʋuwo ene
eye abe hɔ̃woe de agba anyi be
yewoaƒo nu le anyigba ene.
27 Ne megblɔ be, ‘Maŋlɔ nye konyifafa be
eye madzudzɔ adãɖoɖo, aɖo nukomo la,’
28 ekema nye fukpekpewo katã doa ŋɔdzi nam
elabena menyae be màbum fɔmaɖilae o.
29 Esi wobum fɔɖilae xoxo ɖe,
nu ka tae maganɔ ʋiʋlim dzodzro?
30 Ne mele tsi kple tsiledzalẽ
eye metsɔ nunyadzalẽ klɔ asi gɔ̃ hã la,
31 aganyrɔm ɖe anyiʋe me,
ale be manyɔ ŋu na nye awuwo gɔ̃ hã.
 
32 “Menye amee wònye abe nye ene ne maɖo nya ŋu nɛ,
be makplɔe ayi ʋɔnui ahe nya kplii o.
33 Ne ame aɖe ɖe wòli aƒo nu le mía dome,
ada asi ɖe mí ame evea dzi
34 ame si aɖe Mawu ƒe ameƒoti ɖa le ŋutinye,
ale be eƒe ŋɔdzi magado vɔvɔ̃ nam o la, ne anyo.
35 Ekema maƒo nu na eya amea mavɔmavɔ̃e,
gake abe ale si wòle nam fifia ene la, nyemate ŋui o.”