11
Zofar ƒo nu
Naamatitɔ, Zofar ɖo eŋu na Hiob be,
“Ɖe woagbe nya siawo ŋu ɖoɖo na wòa?
Ɖe woabe nyawɔla sia tɔ dzɔa?
Ɖe wò nya dzodzro siawo ade ga nu na amewoa?
Ɖe ame aɖeke meli aka mo na wò ne èle fewu ɖum oa?
Ègblɔ na Mawu be
‘Kpɔtsɔtsɔ mele nu siwo dzi mexɔ se la ŋu o
eye medza le ŋkuwòme.’
O, aleke medi be Mawu naƒo nu,
ne wòake eƒe nuyiwo ɖe ŋutiwò,
ne wòaɖe nunya ƒe nu ɣaɣlawo afia wò
elabena mo evee li na nunya.
Vavã, nya esia be:
Mawu ŋlɔ wò nu vɔ̃wo dometɔ aɖewo be gɔ̃ hã.
 
“Àte ŋu ase Mawu ƒe nya goglowo gɔmea?
Àte ŋu adzro Ŋusẽkatãtɔ la ƒe mlɔenuwo ke mea?
Wokɔkɔ wu dziƒowo, nu ka nàte ŋu awɔ?
Wogoglo wu tsiẽƒe ƒe gogloƒewo, nu ka nènya?
Wodidi wu anyigba eye wokeke wu atsiaƒu.
10 Ke ne eva do, hede wò gaxɔ me eye wòdrɔ̃ ʋɔnu wò la,
ame ka ate ŋu atsi tsitre ɖe eŋu?
11 Vavã enyaa alakpatɔwo eye ne ekpɔ nu vɔ̃ɖi la,
ɖe medzea sii oa?
12 Gake abe ale si gbetedzi mate ŋu
adzi vi wòanye amegbetɔ o ene la,
nenema kee womate ŋu
awɔ bometsila hã wòazu nunyala o.
 
13 “Ke hã la, ne ètsɔ wò dzi nɛ blibo,
ne èwu wò asiwo dzi do ɖe egbɔ,
14 ne èɖe nu vɔ̃ siwo le wò asi me la ɖa
eye ne mèɖe mɔ na nu vɔ̃ɖi aɖeke be
wòanɔ wò agbadɔ me o la,
15 ekema àkɔ wò mo dzi ŋukpemanɔmee,
ànɔ te sesĩe eye mavɔ̃ o.
16 Le nyateƒe me la, àŋlɔ wò hiãkame be
eye àɖo ŋku edzi ko abe tsi sisi si nu va yi la ene.
17 Wò agbe me akɔ wu ŋdɔkutsu dzati
eye viviti anɔ na wò abe ŋdikekeli ene.
18 Ànɔ dedie elabena mɔkpɔkpɔ li,
àtsa ŋku godoo eye àmlɔ anyi bɔkɔɔ le dedinɔnɔ me.
19 Àmlɔ anyi eye ame aɖeke mava do ŋɔdzi na wò o;
ale ame geɖewo ava bia amenuveve tso gbɔwò.
20 Ke ɖeɖi ate ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋkuwo ŋu,
bebeƒe abu ɖe wo
eye woƒe mɔkpɔkpɔ azu kudɔƒoƒo.”