15
Elifaz ƒo nu
Temanitɔ, Elifaz ɖo Hiob ƒe nyawo ŋu be,
“Ɖe nunyala aɖo nya ŋu kple susu gbɔlo
alo ana ɣedzeƒeya xɔdzo nayɔ eƒe dɔ mea?
Ɖe wòatsɔ nya manyatalenuwo ahe nya
alo atsɔ nuƒoƒo si nye nya dzodzro ahe nyaea?
Kura gɔ̃ hã la, èɖi gbɔ̃ mawuvɔvɔ̃
eye nèhe mawusubɔsubɔ adodoea ɖe megbe.
Wò nu vɔ̃e ƒoe
ɖe nuwò ale nètia ayetɔwo ƒe aɖe.
Wò ŋutɔ wò nue bu fɔ wò, menye tɔnyee o,
eye wò ŋutɔ wò nuyiwoe ɖu ɖasefo ɖe ŋuwò.
 
“Wòe nye ame gbãtɔ si wodzi kpɔa?
Ɖe wodzi wò hafi togbɛwo va dzɔa?
Èse Mawu ƒe aɖaŋudede kple toa?
Gbɔwò ko nunya tso aƒe ɖoa?
Nu ka nènya si míawo ya míenya o?
Nu ka gɔmee nèse esi gɔme míawo míese o?
10 Ta ƒowɔ tɔwo kple amegãɖeɖiwo le mía dzi,
ame siwo tsi wu fofowò gɔ̃ hã.
11 Ɖe Mawu ƒe akɔfanamenya siwo wògblɔ bɔlɔɔ la,
mesɔ agbɔ na wò oa?
12 Nu ka ŋuti wò dzi kplɔ wò dzoe,
wò ŋkuwo le dzo dam,
13 ale be nènyɔ wò dziku ɖe Mawu ŋu
eye nètrɔ nya siawo kɔ ɖi tso wò nu me?
 
14 “Nu kae nye amegbetɔ be,
wòadza alo ame si nyɔnu dzi la be wòanɔ dzɔdzɔe?
15 Ne Mawu meka ɖe eƒe kɔkɔetɔwo dzi o
eye dziƒowo gɔ̃ hã medza le eƒe ŋkume o,
16 aleke wòahanye amegbetɔ si nye aɖi,
esi dovo eye wòno nu vɔ̃ɖi abe tsi ene!
 
17 “Ɖo tom ne maɖe nu me na wò;
na magblɔ nu si teƒe mekpɔ la na wò,
18 nu si nunyalawo ɖe gbeƒãe
eye womeɣla naneke si woxɔ tso wo fofowo gbɔ o,
19 ame siwo ko wotsɔ anyigba la na,
esi amedzro aɖeke meto wo dome o.
20 Ame vɔ̃ɖi kpea fuwo ƒe fu le
eƒe agbemeŋkekewo katã me,
nenema ke ŋutasẽla hã kpea fu le ƒe
siwo katã woɖo ɖi nɛ la me.
21 Gbeɖiɖi siwo ŋu ŋɔdzi le la yɔ eƒe tome fũu
eye ne wòdze abe nuwo ɖe wole afɔ tsɔm ene la,
adzohawo va dzea edzi.
22 Dzi ɖe le eƒo be mate ŋu asi le viviti la nu o
elabena wotsɔe de asi na yi.
23 Ele tsaglalã tsam le nuɖuɖu dim abe akaga ene
elabena enya be vivitidogbe la tu aƒe kpokploe.
24 Xaxa kple vevesese na ŋɔdzi lé eya amea ŋutɔ
eye wova dze edzi abe fia si le klalo na aʋakpekpe ene.
25 Elabena eŋlɔ kɔ do ɖe mo na Mawu
eye wòdze aglã ɖe Ŋusẽkatãtɔ la ŋu,
26 helũ ɖe edzi ɖekematsɔlemetɔe
kple akpoxɔnu titri sesẽ aɖe.
 
27 “Togbɔ be eda ami ɖe mo gbɔ
eye wòlolo ɖe ali gbɔ hã la,
28 anɔ du gbagbãwo kple xɔ siwo me ame aɖeke mele o la me,
xɔ siwo gbã zu glikpo.
29 Magakpɔ hotsui o eye eƒe kesinɔnuwo maganɔ anyi
alo eƒe nunɔamesiwo nagbagba ɖe anyigba dzi o.
30 Masi le viviti la nu o, dzo ƒe aɖe ana eƒe alɔwo nayrɔ
eye Mawu ƒe numegbɔgbɔ akplɔe adzoe.
31 Megable eɖokui, atsɔ eƒe dzi aɖo nu si nye tofloko la ŋu o
elabena ɖeke maɖe vi nɛ o.
32 Hafi eƒe ɣeyiɣi nade la, woaɖo eteƒe nɛ
abe ale si dze ene eye eƒe alɔdzewo matsi ɖe edzi o.
33 Anɔ abe wainka si ŋu wogbe waintsetse gbogbowo katã le la ene
alo abe amiti si dudu eƒe seƒoƒowo ene.
34 Elabena mawumavɔ̃lawo ƒe ha madzi ɖe edzi o
eye dzo afia ame siwo lɔ̃a zãnuxɔxɔ ƒe agbadɔwo.
35 Wofɔa fukpekpe ƒe fu, hedzia nu vɔ̃ɖi
eye beble ɖoa atsyɔ̃ ɖe woƒe vidzidɔwo me.”