17
Nu te nye gbɔgbɔ ŋu belibelibeli,
nye ŋkekewo hã le kpuie
eye yɔdo le lalayem.
Vavãe, fewuɖulawo ƒo xlãm,
ele be nye ŋkuwo nanɔ woƒe amenuɖiaɖia ŋu.
 
“O Mawu, tsɔ ŋugbedodo si dim nèle la nam.
Ame kae gali si ade megbe nam?
Ètu woƒe susu ɖe gɔmesese ŋu
eya ta màna woƒe alɔ nade dzi o.
Ne ame aɖe gbe exɔlɔ̃wo ɖe nu si woanae ta la,
viawo ƒe ŋkuwo atsi.
 
“Mawu tsɔm wɔ lodonue na ame sia ame,
ame si ƒe ŋkume amewo ɖea ta ɖo gɔ̃ hã.
Nuxaxa na be nye ŋkuwo dzi tsyɔ
eye nye ameti blibo la mele abe vɔvɔli ene.
Ame dzɔdzɔewo ƒe mo wɔ yaa le esia ta;
dɔ me ve ame maɖifɔwo ɖe mawumavɔ̃lawo ŋuti.
Ke hã la, ame dzɔdzɔewo alé woƒe mɔwo me ɖe asi
eye asi dzadzɛtɔwo akpɔ ŋusẽ ɖe edzi.
 
10 “Mi katã mitrɔ va ko, migadze agbagba kpɔ!
Gake nyemakpɔ nunyala aɖeke le mia dome o.
11 Nye ŋkekewo va yi, nye ɖoɖowo me gblẽ
eye nenema kee nye nye dzi ƒe didiwo hã.
12 Ame siawo trɔ zã wòzu ŋkeke,
ke esi viviti do ɖe wo la, wogblɔ be,
‘Kekeli tsɔ ɖe mía gbɔ’
13 Ne aƒe si ko mele mɔ kpɔm na la nye yɔdo,
ne meɖo aba ɖe viviti me,
14 ne megblɔ na zãnuxɔxɔ be, ‘Wòe nye fofonye,’
eye megblɔ na ŋɔvi be, ‘Wòe nye danye’
alo ‘Wòe nye nɔvinye nyɔnu’ la,
15 ekema afi ka nye mɔkpɔkpɔ la le?
16 Ɖe wòayi ɖe ku ƒe agbowo mea?
Ɖe nye kplii míayi tome ɖekaea?”