19
Hiob ƒe nuƒo
Hiob ɖo eŋu be,
“Va se ɖe ɣe ka ɣie miawɔ funyafunyam
eye miatsɔ miaƒe nyawo agbãm?
Zi ewo sɔŋue nye esi miedo vlom
eye mieti kpo dze dzinye ŋumakpemakpetɔe.
Nenye nyateƒee be metra mɔ la,
vodada sia nye nye ɖeka ko ƒe nya.
Nenye vavãe miebe yewoakɔ mia ɖokuiwo ɖe dzi agbɔ tanye,
ahazã vlo si wodom la aɖia nunyee la,
ekema minyae be Mawu dze agɔ le dzinye
eye wòtsɔ eƒe ɖɔ ƒo xlãm.
 
“Togbɔ be mefa avi sesĩe be,
‘Wodze agɔ le dzinye!’ hã la,
ame aɖeke metɔ nam o
eye togbɔ be medo ɣli be woaxɔ nam hã la,
wometso nam o.
Exe nye mɔ be nyemate ŋu ato edzi ayi o,
etsɔ viviti tsyɔ nye toƒewo.
Eklo bubu le ŋunye
eye wòɖe fiakuku le tanye.
10 Evuvum kɔ ɖi le akpa sia akpa va se ɖe esime medzo,
ale wòho nye mɔkpɔkpɔ abe ati ene.
11 Eƒe dziku bi ɖe ŋunye
eye wòbum ɖe eƒe ketɔwo dome.
12 Eƒe aʋakɔwo lũ ɖe eme kple ŋusẽ,
woƒu kpo ɖe ŋunye eye woƒu asaɖa anyi ɖe
nye agbadɔ ŋu godoo va kpe.
 
13 “Eɖe nɔvinye ŋutsuwo ɖa le ŋunye
eye wòklã nye kple xɔ̃nyewo dome keŋkeŋkeŋ.
14 Nye ƒometɔwo dzo le gbɔnye
eye nye ame nyanyɛwo ŋlɔm be.
15 Ame siwo va dze gbɔnye
kple nye nyɔnudɔlawo bum amedzroe
eye mezu du bubu me tɔ le wo ŋkume.
16 Meyɔ nye dɔla gake metɔ o
togbɔ be metsɔ nye nu ɖe kuku nɛ hafi.
17 Nye nu me le ʋeʋẽm ɖe nye ŋutɔ srɔ̃nye
eye mele ŋu nyɔm na nye ŋutɔ nɔvinye ŋutsuwo.
18 Ŋutsuvi suewo gɔ̃ hã koam eye ne meva do la,
woɖua fewu le ŋunye.
19 Mele ŋu nyɔm na xɔ̃nye veviwo katã eye ame siwo melɔ̃ la,
tso ɖe ŋutinye.
20 Mezu ŋutilã kple ƒu ɖeɖe,
eye meɖo kudo nu.
 
21 “Mikpɔ nye nublanui, xɔ̃nyewo,
mikpɔ nublanui nam elabena Mawu ƒe asi ƒom.
22 Nu ka ta mieti yonyeme
abe ale si Mawu ti yonyemee ene?
Nye ŋutilã si mieɖu la mesɔ gbɔ na mi oa?
 
23 “O nenye ɖe woaŋlɔ nye nyawo ɖi,
nenye ɖe woaŋlɔe ɖe agbalẽ me eye
24 nenye ɖe woatsɔ gayibɔnuŋlɔnu aɖee ɖe akɔblikpe dzi
alo woaɖee ɖe agakpe dzi tegbee hã la, anyo ŋutɔ.
25 Menya be nye Xɔnametɔ le agbe,
eye mlɔeba la, atsi tsitre ɖe anyigba dzi.
26 Eye ne nye ŋutigbalẽ vuvu keŋkeŋkeŋ hã la,
makpɔ Mawu le nye ŋutilã me,
27 Nye ŋutɔ makpɔe, makpɔe kple nye ŋkuwo,
menye ame bubu aɖeke tɔ o.
Aleke nye dzi mehetsi dzi ɖe eŋui o!
 
28 “Ne miegblɔ be,
‘Aleke míadi vɔ̃ nɛ?
Eya ŋutɔ gbɔ kuxiawo tso’ la,
29 ekema yi nedo vɔvɔ̃ na miawo ŋutɔ
elabena dziku atsɔ yi ahe toe
eye mianya be ʋɔnudɔdrɔ̃ li.”