28
“Klosalokuƒe li
eye teƒe li si wololõa sika le.
Wokua gayibɔ le tome
eye wokpɔa akɔbli ne wololõ akɔblikpe.
Amegbetɔ ɖo seƒe na viviti,
etsana le didiƒewo kple viviti tsiɖitsiɖitɔ
kekeake me hena tomenuwo.
Eɖe do wògoglo yi eme ʋĩi hedidi tso amenɔƒe gbɔ,
teƒe si amewo ƒe afɔ mede kpɔ o;
teƒe goglo sia, si didi tso amewo gbɔ lae
wonɔa ka me henɔa nyenyem le yame le.
Anyigba si me wokpɔa nuɖuɖu tsonae lae wotrɔ
le tome abe dzo me wòto ene.
Woɖea safirkpe tso eƒe kpe siwo wogbã la me
eye woɖea sika tso eƒe kewɔ me.
Xe ƒonuwo menya toƒe ɣaɣla ma o
eye aʋako aɖeke ƒe ŋku mekpɔe kpɔ o
Gbemelã siwo dana la meka afɔ afi ma kpɔ o,
eye dzata aɖeke hã mezɔ afi ma kpɔ o.
Ame ƒe asi gbã kpe sesẽawo
eye wòna towo te dze go.
10 Eɖea mɔ ɖe kpeawo tome
eye eƒe ŋkuwo kpɔa
eƒe nu xɔasi vovovowo katã.
11 Etsana le tsidzɔƒewo
eye wòhea nu ɣaɣlawo vaa kekeli nu.
 
12 “Ke afi ka woakpɔ nunya le?
Afi ka gɔmesese nɔna?
13 Amegbetɔ mese eƒe nuvãnyenye gɔme o,
womate ŋu akpɔe le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o.
14 Gogloƒe gblɔ be,
‘Menye tɔnyee o,’
Atsiaƒu gblɔ be,
‘Mele gbɔnye o,’
15 Womate ŋu aƒlee kple sika nyuitɔ
alo woada klosalo ɖe eƒe home nu o.
16 Màte ŋu aƒlee kple sika adodoe si tso Ofir alo kple kpe xɔasiwo,
oniks kple safir o.
17 Sika alo kristalkpe masɔ kplii o
eye womatsɔ sikanuwo gɔ̃ hã aɖɔlii o.
18 Womayɔ sui kple adzagba ƒe ŋkɔwo gɔ̃ hã ɖe eŋu o
elabena nunya ƒe asixɔxɔ kɔ wu gbloti tɔ sãsãsã.
19 Womatsɔ Kuskpe xɔasi, topaz, asɔ kplii o
eye sika nyuitɔ mate ŋu aƒlee o.
 
20 “Ekema afi ka nunya tso?
Afi ka nye gɔmesese ƒe nɔƒe?
21 Eɣla ɖe nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒe ŋkukpɔƒe
eye woɣlae ɖe dziƒoxeviwo gɔ̃ hã.
22 Tsiẽƒe kple ku gblɔ be,
‘Nyasegblɔ tso eŋuti koe ɖo míaƒe towo me.’
23 Mawue nya egbɔmɔ
eye eya koe nya afi si wòle.
24 Elabena eyae tea ŋu kpɔa anyigba ƒe mlɔenu
ke, eye wòkpɔa nu sia nu si le ɣea te.
25 Esi wòɖo ya ƒe ŋusẽ anyi,
hedzidze tsiwo vɔ,
26 esi wòwɔ se na tsidzadza,
heta mɔ na dziɖegbe kple ahom vɔ la,
27 enye kɔ kpɔ nunya, dzro eme kpɔ
eye wòda asi ɖe edzi, hedoe kpɔ.
28 Tete wògblɔ na amegbetɔ be,
‘Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la vɔvɔ̃e
nye nunya eye nugbegbe
le vɔ̃ gbɔe nye gɔmesese.’ ”