30
“Ke azɔ la, ame siwo menye xoxo na,
ame siwo fofowo manyɔ ŋui be womade ha
kple nye lãkplɔvuwo gɔ̃ hã o la ɖua fewu le ŋutinye.
Nu ka woƒe alɔkpa sesẽ la wɔ nam,
esi ŋusẽ vɔ le wo ŋu?
Hiã kple dɔwuame na wowɔ ɖeƒomevie hele tsatsam
le dzogbe kple kuɖiɖinyigbawo dzi le zã me.
Le gbe me woda amagbewo
eye woƒe nuɖuɖue nye dɔli ƒe ke.
Woɖe wo ɖa le wo nɔvi amegbetɔwo ƒe ha me
eye wodo ɣli ɖe wo ta abe fiafitɔwo wonye ene.
Wozi wo dzi be woanɔ tɔʋu siwo mie la me,
agakpewo tome kple do siwo woɖe ɖe anyigba la me.
Wole xɔxlɔ̃m le gbe me
eye woƒo ta kpli ɖe avekawo te.
Wonya wo le anyigba la dzi abe ame ɖigbɔ̃wo
kple yakamewo ƒe dzidzimeviwo ene.
 
“Ke azɔ la, wo viŋutsuwo kpa ha dem,
heɖu fewu le ŋunye le ha la me
eye mezu lodonu le wo dome.
10 Wonyɔa ŋum, henɔa adzɔge nam
eye woɖea ta ɖe mo nam faa.
11 Esi azɔ Mawu lã nye datika, hewɔ fum la,
wowɔa nu si dze wo ŋu la le ŋkunye me.
12 Wo detɔwo tso ɖe ŋutinye le nye ɖusime,
woɖo mɔwo ɖi na nye afɔ
eye woƒu woƒe aʋakpowo ɖe ŋunye.
13 Wogbã nye mɔ, edze edzi na wo be
wogblẽ donyeme eye ame aɖeke mekpe ɖe wo ŋu gɔ̃ hã o.
14 Wolũ ɖe dzinye abe gli gbagbã mee woto ene
eye wozɔ to gbagbãƒewo va ƒo ɖe dzinye.
15 Ŋɔdzidodowo nye tsyɔ dzinye,
wonya nye bubu ɖe nu abe ale si ya lɔa nu ɖe nue ene
eye nye dedinɔnɔ bu abe lilikpo ene.
 
16 “Azɔ nye agbe nu va le yiyim
eye hiãŋkekewo lém.
17 Zã ŋɔa nye ƒuwo
eye nye vevesese manyagblɔ nu metsona o.
18 Mawu tsyɔ eƒe ŋusẽ triakɔ la
dzinye abe avɔ ene, eye
wòle awu ɖe ve nam.
19 Ekɔm ƒu gbe ɖe ba me
eye mezu ke kple dzofi.
 
20 “O Mawu, mefa avi yɔ wò gake mètɔ nam o,
metsi tsitre gake ɖeko nèkpɔm dũu.
21 Ètrɔ dze dzinye nublanuimakpɔmakpɔtɔe
eye nètsɔ wò alɔkpa sesẽ ɖu dzinyee.
22 Èƒom tsa, hena ya lɔm ɖe nu
eye nènyamam le ahom la me.
23 Menya be àhem ayi ku me,
teƒe si woɖo ɖi na kodzogbeawo katã.
 
24 “Vavãe, ame aɖeke medoa asi ɖa léa
ame si gbã gudugudu ne ele ɣli dom be
woaxɔ na ye le eƒe xaxa me o.
25 Ɖe nyemefa avi ɖe ame siwo ɖo xaxa me la ŋu oa?
Ɖe nye luʋɔ mexa nu ɖe ame dahewo ŋuti oa?
26 Gake esi mekpɔ mɔ na nyui la, vɔ̃ tum,
esi mekpɔ mɔ na kekeli la, viviti koe va nam.
27 Dzoxɔxɔ si le edzi yim le menye la metɔna o,
fukpekpeŋkekewo kpe akɔ kplim.
28 Nye amea menyɔ tsiɖitsiɖitsiɖi le yiyim
gake menye ɣee ɖum o,
metsi tsitre ɖe ameha
la titina hedo ɣli bia kpekpeɖeŋu.
29 Meva zu nɔviŋutsu na amegãxiwo
kple hati na golowo.
30 Nye ŋutigbalẽ nyɔ tsiɖitsiɖitsiɖi hele fofom le ŋutinye
eye asrã dze dzinye kple dzoxɔxɔ gã aɖe.
31 Nye kasaŋku do konyifagbe
eye nye dze le avigbe dom.