33
“Ke azɔ la, Hiob, ɖo to nye nyawo,
eye ƒu to anyi ɖe nu sia nu si magblɔ la ŋu.
Kpɔ ɖa, mele nye nu ke ge
eye nye nyawo le nye aɖe nu.
Nye nyawo tso dzi vavã me
eye nye nu agblɔ nu si menya le anukware me.
Mawu ƒe gbɔgbɔe wɔm,
Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbɔgbɔe de agbe menye,
eya ta ɖo nya ŋu nam, ne àte ŋui,
dzra ɖokuiwò ɖo ne nàhe nya kplim.
Ɖeko mele abe wò ene le Mawu ŋkume,
nye hã anyi mee woɖem tsoe.
Vɔvɔ̃ nam megado dzikatsoƒo na wò
alo nye asi nakpe le dziwò o.
 
“Gake ègblɔ wòge ɖe nye to me
eye mese nya siwo tututu nègblɔ la be,
‘Medza eye nu vɔ̃ mele ŋutinye o,
ŋutinye kɔ eye mevo tso vodada me.
10 Ke hã la, Mawu kpɔ vodada le ŋunye,
eye wòbum eƒe futɔe.
11 Etsɔ nye afɔ de kunyowu me
eye eƒe ŋkuwo le nye mɔwo katã ŋu kplikplikpli.’
 
12 “Gake magblɔe na wo be,
le esia me ya, tɔwò medzɔ o,
elabena Mawu lolo wu amegbetɔ.
13 Nu ka ŋutie nèle nya hem kplii be,
meɖo amegbetɔ ƒe nya aɖeke ŋuti nɛ o?
14 Elabena Mawu ƒoa nu to mɔ sia alo ekemɛ dzi
togbɔ be amegbetɔ mekpɔe dze sii o hã.
15 Le drɔ̃e me, le zã me ƒe ŋutega me,
ne amewo dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi
alo wole akɔlɔ̃e dɔm le woƒe abawo dzi la,
16 ava ƒo nu ɖe to me na wo,
atsɔ kpɔdzidzewo ado ŋɔdzii na wo,
17 be wòana amegbetɔ natrɔ tso vɔ̃wɔwɔ me
eye wòaɖee tso dada me,
18 ne wòadzra eƒe luʋɔ ɖo tso yɔdo ƒe asi me
eye eƒe agbe magatsrɔ̃ ɖe yi nu o.
 
19 “Alo eƒoa ame le dɔbadzi
kple ƒutomevevesese si nɔa edzi ɖaa,
20 ale be eya ameti bliboa nyɔa ŋu nuɖuɖu
eye eƒe luʋɔ doa vlo nuɖuɖu vivitɔ gɔ̃ hã.
21 Eƒe ŋutilã vɔ le eme eye eƒe ƒu siwo ŋu
lã nɔ tehetehe la dze go azɔ.
22 Eƒe luʋɔ te ɖe yɔdo ŋu kpokploe,
eye eƒe agbe ɖo ku ƒe dɔlawo ƒe asi me.
23 Ke hã la, ne Mawudɔla le eƒe axadzi abe nyaxɔɖeakɔla ene,
ɖeka le akpe dome,
be wòagblɔ nu si nyo na ame la nɛ,
24 heve enu, gblɔ nɛ be,
‘Ɖe eƒe agbe be magayi yɔdo me o
elabena mekpɔ avulénu nɛ’ la,
25 tete eƒe ŋutilã zua yeye abe ɖevi tɔ ene
eye wògaɖoa eƒe nɔnɔme me abe
eƒe ɖekakpuimeŋkekewo me ene.
26 Edoa gbe ɖa na Mawu
eye wòkpɔa amenuveve tso egbɔ,
ekpɔa Mawu ƒe ŋkume eye wòdoa dzidzɔɣli,
ale Mawu gaɖonɛ te,
be wòanɔ dzɔdzɔenyenye si me wònɔ tsã.
27 Tete wòvaa amewo gbɔ, gblɔna be,
‘Mewɔ nu vɔ̃ hedo vlo nu si le dzɔdzɔe
gake nyemexɔ tohehe si medze na la o.
28 Eɖe nye agbe tso yɔdomeyiyi me,
eye manɔ agbe adzɔ dzi le eƒe kekeli me.’
 
29 “Mawu wɔa nu siawo katã na ame,
zi eve alo etɔ̃ gɔ̃ hã,
30 be wòaɖe eƒe luʋɔ tso tsiẽƒe,
be agbe ƒe kekeli naklẽ ɖe edzi.
 
31 “Ƒu to anyi, Hiob, ne nàɖo tom,
zi ɖoɖoe, ne maƒo nu.
32 Ne nya aɖe le asiwò la, ɖo nya ŋu nam,
elabena medi be wòatso na wò.
33 Gake ne mele eme o la, ekema nàɖo tom,
zi ɖoɖoe ne mafia nunya wò.”