3
Ʋɔnudɔdrɔ̃ dukɔawo
“Le ŋkeke mawo kple ɣe ma ɣi me ne megaɖo Yuda
kple Yerusalem te la,
maƒo dukɔwo nu ƒu ɖe Yehosafat ƒe Balime
eye madrɔ̃ ʋɔnu wo le afi ma
le nye amewo kple nye domenyinu Israel ta,
elabena wokaka nye domenyinu la ɖe dukɔwo dome
eye woma nye anyigba.
 
“Wodzidze nu ɖe nye dukɔ dzi
eye woma nye amewo.
Wotsɔ ŋutsuviwo ɖɔli gbolowoe
eye wotsɔ nyɔnuviwo na ɖe wain si woano amu ta.
“Tiro kple Sidon kple Filistitɔwo ƒe duwo katã, ɖe miele didim be miabia hlɔ̃ mahã? Mikpɔ nyuie elabena nye asi atre tsɔtsɔ na mi eye nu si mieɖo la atrɔ adze miawo ŋutɔ ƒe ta dzi.
“Mieva lɔ nye klosalo kple sika kple nye kesinɔnu veviwo tsɔ yi ɖe miaƒe trɔ̃wo ƒe xɔwo mee. Miedzra Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo na Trɔ̃subɔlawo eye wokplɔ wo dzoe le woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi yi didiƒe ke. Gake magakplɔ wo agbɔe tso teƒe siwo katã wokplɔ wo yii eye maɖo nu vɔ̃ siwo katã miewɔ la teƒe na mi. Matsɔ mia viŋutsuwo kple nyɔnuwo adzra na Yudatɔwo eye woawo hã adzra wo na Sabeatɔwo le didiƒe ke. Yehowae gblɔe.
“Miɖe gbeƒã nu sia le dukɔwo dome be,
‘Midzra ɖo na aʋawɔwɔ!’
Mitia miaƒe asrafo kalẽtɔwo,
miƒo miaƒe aʋawɔlawo katã nu ƒu na aʋawɔwɔ.
10 Mitsɔ miaƒe agblenuwo tu aʋawɔyiwoe
eye mitsɔ miaƒe hɛ gobɛwo tu akplɔwoe.
Ame gblɔewo negblɔ be,
‘Miawoe nye ŋusẽtɔwo.’
11 Mi dukɔ siwo kaka ɖe afi sia afi,
miƒo mia ɖokuiwo nu ƒu ne miava.
 
“O Yehowa, dɔ wò aʋakɔwo be woaɖiɖi ava anyi!
 
12 “Miƒo dukɔwo nu ƒu;
mikplɔ wo va Yehosafat ƒe Balimee,
afi ma manɔ adrɔ̃ ʋɔnu wo katã.
13 Azɔ nukuxahɛ newɔ eƒe dɔ
elabena nukuawo tsi vɔ
hele lalam na nuŋeɣi.
Miva, mifanya waintsetseawo,
elabena wainfiaƒe la yɔ,
eye waindzraɖoƒe la yɔ gbagba,
elabena woƒe nu tovowo wɔwɔ sɔ gbɔ.”
 
14 Ame akpe akpewo le Nyametsotso ƒe Balime
elabena Yehowa ƒe Ŋkeke la tu aƒe le Nyametsotso Balime la.
15 Ɣe kple ɣleti ado viviti eye ɣletiviwo magaklẽ o.
16 Yehowa aɖe gbe tso Zion
eye eƒe gbe aɖi tso Yerusalem
eye dziƒo kple anyigba ade asi ʋuʋu me.
Ke Yehowa anye sitsoƒe na eƒe amewo
kple mɔ sesẽ na eƒe dukɔ Israel.
Yayra na Mawu ƒe amewo
17 “Mlɔeba la, miava nya be
nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu,
si le Zion, nye To Kɔkɔe la dzi.
Yerusalem azu kɔkɔeƒe;
ɣeyiɣi li gbɔna esi dutasrafowo
magakpɔ mɔ aho aʋa ɖe eŋu o.
 
18 “Le ɣe ma ɣi me la, wain yeye anɔ tsyɔtsyɔm tso towo ŋuti
eye nyinotsi anɔ sisim bababa tso togbɛwo tame.
Tsi ayɔ Yɔdan tɔʋuwo me banaa,
eye tsi asi tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me ade tsi Sitim ƒe Balime.
19 Egipte azu aƒedo eye Edom azu gbegbe
elabena wowɔ vɔ̃ ɖe Yudatɔwo ŋuti,
eye wokɔ ʋu maɖifɔwo ɖi le du mawo me.
20 Ke Yuda anɔ anyi tegbetegbe,
eye Yerusalem anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.
21 Mahe to na Egiptetɔwo kple Edomtɔwo
ɖe woƒe ʋu maɖifɔ kɔkɔɖi ta.”
 
Yehowa le Zion.