4
Yona do dɔmedzoe be Yehowa kpɔ nublanui na Ninive
Ke esi Mawu tsɔ Ninivetɔwo ƒe nu vɔ̃wo ke wo la, Yona do dɔmedzoe vevie. Edo gbe ɖa na Yehowa be, “O Yehowa, ɖe menye esiae megblɔ esi mele mía dedu me oa? Esia ta le gɔmedzedzea me la, mesi ɖo ta Tarsis, elabena menya be Mawu, amenuvela kple nublanuikpɔlae nènye. Ègbɔa dzi blewu; lɔlɔ̃ matrɔ bɔ ɖe asiwò, eye nètsɔa nu vɔ̃wo kena. Eya ta Yehowa, meɖe kuku ɖe nye agbe ɖa; enyo nam be maku wu be manɔ agbe.”
Yehowa trɔ biae be, “Enyo be nàdo dɔmedzoe ɖe nu sia ta?”
Ale Yona yi ɖanɔ anyi ɖe dua ƒe ɣedzeƒe lɔƒo nublanuitɔe, eye wòtsɔ aŋgbawo wɔ agbadɔe henɔ ete nɔ lalam be yeakpɔ nu si le dzɔdzɔ ge ɖe dua dzi la ɖa. Yehowa, Mawu na yevukutsati mie heɖo vɔvɔli ɖe Yona tame be wòatsi ŋudɔɖuame la nu. Yona kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le yevukutsati la ŋuti. Ke le fɔŋli la, Mawu na ŋɔ aɖe ɖu yevukutsati la, eye wòyrɔ. Esi ɣe dze la, Mawu na ŋdɔ sesẽ la kplɔ ɣedzeƒeya xɔdzo aɖe va ƒo ɖe Yona dzi va se ɖe esime nu te eŋu vevie, eye wòbia be yeaku, elabena egblɔ be, “Enyo nam be maku wu manɔ agbe.”
Mawu gblɔ na Yona be, “Enyo be nàdo dɔmedzoe esi ati la kua?”
Yona ɖo eŋu be, “Ɛ̃, tɔnye dzɔ be mado dɔmedzoe va se ɖe esime maku!”
10 Yehowa gblɔ nɛ be, “Esi ati si dzi mèkpɔ wòtsi o, eya ŋutɔe mie le zã ɖeka me, eye wòku le zã ɖeka me la ƒe ku le vewòm ale ɖe, 11 ekema nu ka ta nyemakpɔ nublanui na du gã xɔŋkɔ abe Ninive ene, du si me ame akpe alafa ɖeka kple blaeve siwo menya woƒe ɖusi tso woƒe mia gbɔ o la le kpe ɖe woƒe lã gbogboawo ŋu o ɖo?”