5
Kukuɖeɖe na nublanuikpɔkpɔ 
  1 O, Yehowa, ɖo ŋku nu si dzɔ ɖe mía dzi la dzi,  
ɖo ŋku anyi eye nàkpɔ míaƒe ŋukpe ɖa.   
 2 Wotsɔ míaƒe domenyinu,  
na amedzrowo eye wotsɔ míaƒe aƒewo  
na du bubu me tɔwo.   
 3 Míezu tsyɔ̃eviwo kple tɔmanɔsitɔwo  
eye mía nɔwo zu ahosiwo.   
 4 Ɖe míedzea tsi hafi nona  
eye ɖe míeƒlea míawo ŋutɔ ƒe nake.   
 5 Ame siwo ti mía yome la gogo,  
ɖeɖi te mía ŋu, ke gbɔɖeme meli o.   
 6 Míetsɔ mía ɖokui dzra na Egipte  
kple Asiria be míakpɔ abolo aɖu.   
 7 Mía fofowo wɔ nu vɔ̃ eye womegale agbe o  
gake woƒe tohehe va mía dzi.   
 8 Kluviwo ɖu amegã ɖe mía dzi  
eye ame aɖeke meli axɔ mí le woƒe asi me o.   
 9 Míetsɔ míaƒe agbe ɖo anyi hafi kpɔa abolo ɖuna,  
le yi si le gbegbe la ta.   
 10 Míaƒe ŋutilã xɔ dzo abe kpodzo ene  
eye asrã lé mí le dɔwuame ta.   
 11 Wogblẽ Zion nyɔnuwo  
kple ɖetugbi manyaŋutsuwo le Yuda duwo me.   
 12 Wobla dumegãwo tsɔ ku ati  
eye womede bubu ame tsitsiwo ŋu o.   
 13 Ɖekakpuiwo le te tum atraɖii,  
eye ŋutsuviwo le ŋeŋem le nakegba te.   
 14 Ame tsitsiwo vɔ le agbonu  
eye ɖekakpuiwo ƒe hadzidzi nu tso.   
 15 Dzidzɔ vavã dzo le míaƒe dziwo me  
eye míaƒe ɣeɖuɖu trɔ zu nuxaxa.   
 16 Fiakuku ge le ta na mí.  
Baba na mí elabena míewɔ nu vɔ̃!   
 17 Le esia ta míaƒe dziwo le nu xam,  
le nu siawo ta míaƒe ŋkuwo dzi tsyɔ,   
 18 Elabena Zion to tsi ƒuƒlu  
eye amegaxiwo koe le fefem le afi ma.   
 19 O, Yehowa, èle fia ɖum tegbee,  
wò fiazikpui li ke tso dzidzime yi dzidzime.   
 20 Nu ka ta nèŋlɔa mí be ɣe sia ɣi?  
Nu ka ta nègblẽ mi ɖi eteƒe didi alea?   
 21 O Yehowa, trɔ mí ɖe ɖokuiwò ŋu  
be míate ŋu atrɔ agbɔ,  
wɔ míaƒe ŋkekewo yeye abe le blema ene.   
 22 Ne menye ɖe nègbe mí keŋkeŋ,  
eye nèdo dziku ɖe mía ŋu wu ale si dze hã o.