3
“Kpɔ ɖa, madɔ nye dɔla ɖo ɖa be wòata mɔ le ŋgɔnye eye Aƒetɔ si miele mɔ kpɔm na la ado ɖe eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi. Dɔla si ŋugbe wodo le nubabla la me, si dim miele la ava.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
“Ame ka ado dzi anɔ anyi ne eva do? Ame ka anɔ te ɖe eƒe vava nu? Elabena ele abe dzo si wotsɔna loloa ga ene eye wòle abe adzalẽ si wotsɔna nyaa avɔ wòɖina keŋkeŋ la ene! Anɔ anyi abe sika kple klosalo klɔla ene eye wòaklɔ Levi ƒe dzidzimeviwo ŋuti woadza abe sika alo klosalo ene, ale be woate ŋu asa vɔ na Yehowa le dzɔdzɔenyenye me. Ekema Yehowa agaxɔ Yuda kple Yerusalemtɔwo ƒe vɔsa abe tsã ene.
“Le ɣe ma ɣi me la, nye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tohehe atsɔ ŋutɔ. Manye ɖasefo zazɛ̃ aɖe ɖe nukalawo, ahasiwɔlawo, atam dzodzro kalawo, ame siwo baa woƒe dɔwɔviwo, ame siwo tea ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe to, ame siwo baa amedzrowo kple ame siwo mevɔ̃am o la ŋu.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
Adzodada Mawu
“Nyee nye Yehowa, nyemetrɔna gbeɖe o, eya tae mi Yakob ƒe dzidzimeviwo mietsrɔ̃ haɖe o, elabena nye nublanuikpɔkpɔ li ɖaa.
“Tso keke mia tɔgbuitɔgbuiwo ŋɔli ke la, miegbea nu le nye seawo gbɔ eye miewɔa wo dzi o. Mitrɔ ɖe ŋunye eye nye hã matrɔ ɖe mia ŋu.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Ke miebia be, ‘Aleke míawɔ atrɔ ɖe ŋutiwòe?’
“Ɖe amegbetɔ ate ŋu ada adzo Mawu hafi miawo ya mieda adzom mahã?
“Ke míebia be, ‘Aleke míeda adzo wòe?’
“Mieda adzo nye nu ewolia kple nunana siwo nye tɔnye la eye mietsɔa wo nam o.
“Mawu ƒe fiƒode dziŋɔ le mia dzi elabena dukɔ blibo lae le bayem. 10 Mitsɔ miaƒe nu ewoliawo katã va nudzraɖoƒe lae ale be nuɖuɖu nasɔ gbɔ ɖe nye gbedoxɔ me. Mitsɔ esia dom kpɔ be nyemaʋu dziƒo nu akɔ yayra ɖe mia dzi fũu ale gbegbe be miaƒe nuɖuɖudzraɖoƒe ayɔ agbagba o mahã? Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. 11 Made se na nu siwo gblẽa agblemenukuwo la be womagblẽ míaƒe agblemenukuwo o, eye miaƒe wain tsetsewo magblẽ adudu hafi woƒe ɖiɖiɣi naɖo o.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. 12 “Ale dukɔwo katã ayɔ mi be yayramewo elabena dzidzɔkpɔkpɔ deto axɔ aƒe ɖe mia me.” Esiawoe Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ.
13 “Yehowa be, ‘Miegblɔ nya vlowo ɖe ŋutinye’,
“Gake miebiam be, ‘Nya kae míegblɔ ɖe ŋutiwò si mele be míagblɔ o?’
14 “Miegblɔ be, ‘Enye nu dzodzro be woasubɔ Mawu. Viɖe ka míekpɔ to eƒe sewo dzi wɔwɔ me eye míezɔ le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe ŋkume abe konyifalawo ene?’ 15 Gake azɔ la, míegblɔna be, ‘Woyraa dadalawo. Nu dzea edzi na nu vɔ̃ wɔlawo, gawu la, ne wote Mawu kpɔ la, tohehe mevaa wo dzi o.’
16 “Ke ame siwo vɔ̃ Yehowa, eye wolɔ̃e la ƒo nu nyui tso eŋuti na wo nɔewo eye Mawu ɖo to eye wòsee. Ena woŋlɔ ame siwo vɔ̃e, eye wolɔ̃e la ƒe ŋkɔwo ɖe ŋkuɖodzigbalẽ gã aɖe me da ɖi.”
17 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ tso wo ŋutie nye esi: “Woanye tɔnye le ŋkeke ma dzi ne mele ƒu ƒom nye nu xɔasiwo. Abe ale si ŋutsu léa be na ɖevi si ɖoa toe ene la, nenema ke malé be na woe. 18 Ekema miakpɔ vovototo si le ale si Mawu wɔna na ame dzɔdzɔe siwo ɖoa toe kple ame vɔ̃ɖi siwo meɖoa toe o la dome.”