Nyanyui la abe ale si
Mateo
ŋlɔe ene
1
Yesu Kristo ƒe dzidzime
(Luka 3:23-38)
Yesu Kristo nye Abraham kple Fia David ƒe dzidzimevi; eƒe dzidzimegbalẽ lae nye esi:
 
Abraham dzi Isak,
Isak dzi Yakob,
eye Yakob dzi Yuda kple nɔviawo,
Yuda dzi Perez kple Zera, ame siwo dadae nye Temar,
Perez dzi Hezron,
Hezron hã dzi Ram,
Ram dzi Aminadab,
Aminadab dzi Naheson,
Nahson dzi Salmon,
Salmon hã dzi Boaz, ame si dadae nye Rahab.
Boaz dzi Obed, ame si dadae nye Rut.
Obed dzi Yese.
Yese dzi Fia David,
 
David dzi Solomo, ame si dadae nye Uria srɔ̃ kpɔ.
Solomo dzi Rehoboam,
Rehoboam dzi Abiya,
eye Abiya hã dzi Asa.
Asa dzi Yehosafat,
Yehosafat dzi Yoram,
Yoram dzi Uzia,
Uzia dzi Yotam,
Yotam dzi Ahaz,
Ahaz dzi Hezekia,
10 Hezekia dzi Manase,
Manase dzi Amon,
Amon dzi Yosia.
11 Yosia dzi Yekonia kple nɔviawo le esime woɖe aboyo Israel dukɔa yi Babilonia.
 
12 Le aboyomenɔnɔ le Babilonia megbe la,
Yekonia dzi Sealtiel,
Sealtiel dzi Zerubabel,
13 Zerubabel hã dzi Abihud,
Abihud dzi Eliakim,
eye Eliakim dzi Azɔ.
14 Azɔ dzi Zadok,
Zadok dzi Akim,
Akim dzi Elihud,
15 Elihud dzi Eleaza,
Eleaza dzi Matan,
Matan hã dzi Yakob,
16 eye Yakob dzi Yosef, ame si nye Maria, Yesu Kristo dada srɔ̃.
 
17 Ale tso Abraham dzi va se ɖe Fia David dzi la, dzidzimeawo katã le wuiene, eye tso Fia David ŋɔli va se ɖe esime woɖe aboyo Israel yi Babilonia la, dzidzimeawo le wuiene, nenema ke tso aboyomenɔɣi va se ɖe Kristo dzi hã le dzidzime wuiene.
Yesu dzidzi
(Luka 2:1-7)
18 Yesu Kristo dzidzi va yi ale: Wodo Maria, Yesu dada ŋugbe na Yosef be wòaɖe, gake hafi woava kpe la, wokpɔ be Maria fɔ fu to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me. 19 Azɔ Yosef, ame si wodo eƒe ŋugbe na la nye nuteƒewɔla, eya ta medi be yeado ŋukpe Maria le dutoƒo o; eɖoe be yeagbee le adzame.
20 Ke esi wònɔ nu siawo ŋu bum la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe, yɔe gblɔ nɛ be, “Yosef, David ƒe vi, mègavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ be wòava nɔ gbɔwò o, elabena fu si wòfɔ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso. 21 Adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be Yesu, elabena eyae aɖe eƒe amewo tso woƒe nu vɔ̃wo me.”
22 Esiawo katã va eme be, woawu Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi to Nyagblɔɖila dzi la nu be, 23 “Ɖetugbi si menya ŋutsu o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be, Imanuel” (si gɔmee nye, “Mawu li kpli mí ”).
24 Esi Yosef nyɔ la, ewɔ ɖe mawudɔla la ƒe gbe dzi, eye wòyi ɖakplɔ Maria va eƒe aƒe mee abe srɔ̃a ene. 25 Ke Yosef mede asi eŋu o, va se ɖe esime wòdzi viŋutsuvi la, eye wòna ŋkɔe be Yesu.