7
Ʋɔnudɔdrɔ̃ ame bubuwo
(Luka 6:37-38, 41-42)
“Mègadrɔ̃ ʋɔnu ame bubuwo o, ne menye nenema o la, woadrɔ̃ ʋɔnu wò hã, elabena ale si nèdrɔ̃a ʋɔnu ame bubuwoe la, nenema tututue woadrɔ̃ ʋɔnu wò hãe, eye dzidzenu si ŋu dɔ nèwɔ la, dzidzenu ma ke ŋu dɔ woawɔ atsɔ adzidze nu na wò hã.
“Nu ka ta nèkpɔa ati fefi si le nɔviwò ƒe ŋku dzi, gake mèkpɔa atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi o mahã? Aleke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be, ‘Na maɖe ati fefi le wò ŋku dzi,’ le esime atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi? Wò, alakpanuwɔla, ɖe atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, ekema àkpɔ nu nyuie ale be nàte ŋu aɖe ati fefi si le nɔviwò ƒe ŋku dzi la.
“Migatsɔ miaƒe nu kɔkɔewo na avuwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu xɔasiwo ƒu gbe na hawo o. Ne menye nenema o la, woanya avuzi le wo dzi, atrɔ ɖe mia ŋu, eye woavuvu mi.
Mibia, midi nu, eye miƒo ʋɔa
(Luka 11:9-13)
“Mibia nu, eye woana mi; midi nu, eye miakpɔe; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi. Elabena ame sia ame si biaa nu la, wonanɛ; ame sia ame si dia nu la, ekpɔnɛ, eya ta ne mieƒo ʋɔa ko la, woaʋui na mi.
“Mia dometɔ kae li nenye be Via ŋutsu bia aboloe la, wòatsɔ kpe nɛ? 10 Alo nenye be ebia tɔmelãe la, wòatsɔ dalã nɛ? 11 Ke nenye be mi ame vɔ̃ɖiwo mienya ale si miana nu nyui mia viwo la, ɖe mia Fofo si le dziƒo la mana nu nyuiwo ame siwo bianɛ geɖe wu oa? 12 Le nu sia nu me la, nu siwo ke miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nu mawo ke na ame bubuwo hã, elabena esiae nye Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe nufiafia ƒe taƒonya.
Agbo xaxɛ la
(Luka 13:24)
13 “Mige ɖe eme to agbo xaxɛ la me, elabena agbo la keke, mɔ la hã le gbadzaa, eye wòkplɔa ame yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewoe le eme tom le gegem ɖe eme. 14 Ke agbo si le xaxɛe, mɔ la hã le buie la kplɔa amewo yina ɖe agbe me, eye ame ʋɛ aɖewo koe toa mɔ sia.
Sidzedze ati kple eƒe kutsetse
(Luka 6:43-44)
15 “Mikpɔ nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti. Wovaa mia gbɔ abe alẽwo ene, ke le wo me la, wonye amegaxi nyanyrawo. 16 Woƒe kutsetse miatsɔ adze si woe. Ɖe woate ŋu agbe waintsetse le aŋɔka dzi alo gbotsetse le ŋuti dzia? 17 Nenema ke ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui, ke ati manyomanyo tsea ku gbegblẽ. 18 Ati nyui mate ŋu atse ku gbegblẽ o, eye ati manyomanyo mate ŋu atse ku nyui o. 19 Ati sia ati si metsea ku nyui o la, wolãnɛ dea dzo me, 20 eya ta woƒe kutsetse miatsɔ adze si woe.
Nyemenya wò o
(Luka 13:25-27)
21 “Menye ame sia ame si le yɔyem be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ’ lae ayi dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe ame siwo le Fofonye si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe. 22 Ame geɖewo agblɔ nam le ŋkeke ma dzi be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ, ɖe menye wò ŋkɔ mee míegblɔ nya ɖi le, míenya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le, eye míewɔ nukunu geɖewo le oa?’ 23 Ekema maɖo eŋu na wo be, ‘Nyemenya mi o, mite ɖa le gbɔnye, mi nu vɔ̃ɖi wɔlawo!’
Gɔmeɖoanyi eveawo
(Luka 6:47-49)
24 “Ame sia ame si sea nye nya, eye wòwɔna ɖe edzi la le abe nunyala si tu eƒe xɔ ɖe agakpe sesẽ dzi ene. 25 Togbɔ be tsi dza sesĩe, tɔwo ɖɔ, eye ahom tu hã la, xɔa meʋã o, elabena woɖo egɔme anyi ɖe agakpe sesẽ dzi. 26 Gake ame si sea nye nyawo, eye metsɔa ɖeke le wo me o la sɔ kple ŋutsu movitɔ si tu eƒe xɔ ɖe ke me. 27 Azɔ esi tsi dza, tɔwo ɖɔ eye ahom tu, lɔ xɔ sia ɖe eme ko la, emu dze anyi gbloo.”
28 Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, ameha la ƒe nu ku le eƒe nufiafia la ta, 29 elabena efia nu wo kple kakaɖedzi blibo. Le nyateƒe me la, ale si wòfia nui la to vovo sãa tso ale si woƒe agbalẽfialawo fianɛ la gbɔ.