2
Ame ƒe ɖoɖowo kple Mawu ƒe ɖoɖowo
Baba na mi ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi be yewoawɔ
kple ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi le woƒe abawo dzi.
Ŋdi kanya la, wowɔa nu siwo woɖo
elabena ŋusẽ le wo si be woawɔe.
Ne agble dim wole la, woxɔnɛ sesẽtɔe;
ne xɔ dim wole la, woxɔa eya hã kple akpasesẽ.
Nenye be anyigba ɖeka alo xɔ ɖeka ma koe le amea si hã la,
woxɔnɛ le esi.
Ale mietea ŋu xɔa amea
kple eƒe domenyinuwo siaa sesẽtɔe.
Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi,
“Meɖo gbegblẽ ɖe ame siawo ŋuti
eye miate ŋu aɖe mia ɖokuiwo ɖa le gbegblẽ sia me o.
Miate ŋu agazɔ dadatɔe o
elabena anye ɣeyiɣi vɔ̃.
Le ŋkeke ma dzi la, amewo aɖu fewu le mia ŋu,
eye woadzi konyifaha sia na mi amenuɖiatɔe be:
‘Wotsrɔ̃ mi keŋkeŋ; hema nye dukɔ ƒe nunɔamesiwo.
Yehowa xɔe le asinye.
Ema míaƒe anyigbawo na ame siwo ɖe aboyo mí.’ ”
 
Eya ta ne ɣeyiɣi de be woadzidze nu ama anyigba la,
ame aɖeke manɔ mía si le Yehowa ƒe asaɖa me amae na mí o.
 
Woƒe Nyagblɔɖilawo gblɔ nam be:
“Mègagblɔ nya ɖi tso nu siawo ŋuti o
elabena ŋukpe mava mía dzi o.”
O Yakob ƒe aƒe, aleke woagblɔ nya siae?
“Ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ ado dɔmedzoea?
Ɖe esiawo tso egbɔa?
 
“Ɖe nye nyawo mewɔa nyui na
ame siwo lé mɔ dzɔdzɔe tsɔ oa?
Ke nye dukɔ tso ɖe ŋunye
abe woƒe futɔ ene.
Mieɖe awu xɔasiwo le ame
siwo va le eme tsom
le ŋutifafa me la ŋuti abe asrafo siwo tso aʋa gbɔ la ene.
Mienya nyɔnu siwo le nye dukɔ
me la le woƒe aƒe nyuiwo me.
Miexɔ nye yayra
le wo viwo si tegbee.
10 Mitso ne miadzo le afi sia,
elabena esia menye dzudzɔƒe wònye na mi o;
elabena wodo gu teƒe la, eye wogbãe,
ale be womagate ŋu aɖɔe ɖo o.
11 Ne alakpatɔ kple ameblela aɖe va gblɔ be magblɔ nya ɖi be,
‘Wain kple aha nabɔ na mi fũu’
la, eyae nye nyagblɔɖila si tɔgbi ame siawo lɔ̃na.”
Mawu do ɖeɖekpɔkpɔ ŋugbe
12 “O Yakob, magaƒo mia nu ƒu.
Maƒo Israel ƒe ame mamlɛawo nu ƒu godoo.
Maƒo wo nu ƒu abe alẽwo ene ɖe lãkpɔ me
eye woanɔ abe alẽha le gbeɖuƒe ene.
13 Ame si gbãa agbowo la adze ŋgɔ na wo
eye woato agboawo me ado go.
Woƒe fia adze ŋgɔ na wo
eye Yehowa anye woƒe kplɔla.”