Mose
ƒe agbalẽ enelia
1
Amexexlẽ
Le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ƒe evelia ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ si nye Israelviwo ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Mawu nɔ agbadɔ la me le Israelviwo ƒe asaɖa me le Sinai gbedzi. Yehowa gblɔ nya siawo na Mose be, “Mi kple Aron mixlẽ Israel dukɔ la katã ɖe woƒe towo kple ƒomewo nu. Miŋlɔ Israel ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la, eye woate ŋu awɔ aʋa la ƒe ŋkɔwo. Eye miɖe ŋutsu ɖekaɖeka le to sia to me, ame siwo anye kplɔlawo na toawo be woakpe ɖe ŋuwò.
 
“Ŋutsu siwo akpe ɖe mia ŋu la ƒe ŋkɔwoe nye:
 
“Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu, tso Ruben ƒe to la me.
Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu, tso Simeon ƒe to la me.
Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me.
Netanel, Zuar ƒe viŋutsu, tso Isaka ƒe to la me.
Eliab, Helon ƒe viŋutsu, tso Zebulon ƒe to la me.
10 Yosef ƒe viwo tɔwoe nye:
Elisama, Amihud ƒe viŋutsu,
tso Efraim ƒe to la me kple Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu,
tso Manase ƒe to la me,
11 Abidan, Gideon ƒe viŋutsu, tso Benyamin ƒe to la me,
12 Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu, tso Dan ƒe to la me,
13 Pagiel, Okran ƒe viŋutsu, tso Aser ƒe to la me,
14 Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu, tso Gad ƒe to la me,
15 Ahira, Enan ƒe viŋutsu, tso Naftali ƒe to la me.”
 
16 Ame siawoe wotia tso ameawo dome be woanye kplɔlawo na Israel to vovovoawo.
 
17 Le gbe ma gbe ke la, Mose kple Aron kple ŋutsu wuieve siwo wotia la 18 yɔ dukɔ blibo la ƒo ƒu le dzinu evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, eye woŋlɔ ameawo katã ƒe ŋkɔ ɖe woƒe towo kple ƒomewo nu. Woŋlɔ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la ƒe ŋkɔwo, eye woxlẽ wo 19 abe ale si Yehowa de se ene. Mose wɔ ŋkɔŋɔŋlɔ sia le Sinai gbegbe.
 
20 Eye woxlẽ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la, eye woate ŋu ade aʋa le Israel ƒe ŋgɔgbevi Ruben ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu. 21 Ame siwo wotia, xlẽ le Ruben ƒe to la me le ame akpe blaene-vɔ-ade, alafa atɔ̃ (46,500).
 
22 Woxlẽ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Simeon ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple woƒe aƒewo nu. 23 Ame siwo wotia, xlẽ le Simeon ƒe to la me le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-asieke, alafa etɔ̃ (59,300).
 
24 Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Gad ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple woƒe aƒewo nu. 25 Ame siwo wotia, xlẽ le Gad ƒe to la me le ame akpe blaene-vɔ-atɔ̃ (45,650), alafa ade blaatɔ̃.
 
26 Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Yuda ƒe dzidzimeviwo dome ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. 27 Ame siwo wotia, xlẽ le Yuda ƒe to la me le ame akpe blaadre-vɔ-ene, alafa ade (74,600).
 
28 Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Isaka ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. 29 Ame siwo wotia, xlẽ le Isaka ƒe to la me le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-ene, alafa ene (54,400).
 
30 Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Zebulon ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. 31 Ame siwo wotia, xlẽ le Zebulon ƒe to me la le ame akpa blaatɔ̃-vɔ-adre, alafa ene (57,400).
 
32 Yosef ƒe viwo tɔe nye esi:
Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Efraim ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. 33 Ame siwo wotia, xlẽ le Efraim ƒe to la me le ame akpe blaene, alafa atɔ̃ (40,500).
34 Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Manase ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. 35 Ame siwo wotia, xlẽ le Manase ƒe to la me le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-eve, alafa eve (32,200).
 
36 Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Benyamin ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. 37 Ame siwo wotia, xlẽ le Benyamin ƒe to la me le ame akpe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ alafa ene (35,400).
 
38 Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Dan ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. 39 Ame siwo wotia, xlẽ le Dan ƒe to la me le ame akpe blaadre-vɔ-eve, alafa adre (62,700).
 
40 Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Aser ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. 41 Ame siwo wotia, xlẽ le Aser ƒe to la me le ame akpe blaene-vɔ-ɖekɛ, alafa atɔ̃ (41,500).
 
42 Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Naftali ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu. 43 Ame siwo wotia, xlẽ le Naftali to la me le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃ alafa ene (53,400).
 
44 Esiawoe nye ame siwo Mose kple Aron kple Israel ƒe towo ƒe kplɔlawo tia xlẽ. Kplɔlawo le ame wuieve: to ɖeka, kplɔla ɖeka 45 Eye wotia Israelviwo katã xlẽ le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu, ame siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Israel. 46 Ame siwo katã wotia, xlẽ la le ame akpe alafa ade vɔ etɔ̃, alafa atɔ̃, blaatɔ̃ (603,550).
 
47 Ke womexlẽ Levi ƒe viwo ƒe ƒomewo kple aƒewo kpe ɖe wo ŋuti o. 48 Elabena Yehowa gblɔ na Mose be, 49 “Ɖe Levi ƒe viwo katã ɖa le amexexlẽ sia me, eye mègabu wo kpe ɖe Israelvi bubuwo ƒe xexlẽme ŋu o, 50 elabena Levi ƒe viwo ƒe dɔdeasiwo ku ɖe Agbadɔ la kple ekɔkɔ tso teƒe ɖeka yi teƒe bubu ŋu. Woanɔ Agbadɔ la gbɔ, 51 eye ɣe sia ɣi si woaho Agbadɔ la ayi teƒe bubu la, Levi ƒe viwoe akakae, eye woawoe agakpee; ne ame bubu aɖe te va la, aku. 52 Israelviwo ƒe to vovovoawo aƒu asaɖa anyi ɖe teƒe vovovowo, ɖe sia ɖe kple eƒe aflaga tɔxɛ 53 Levi ƒe viwo ƒe agbadɔwo aƒo xlã Mawu ƒe Agbadɔ la, eye woanɔ eŋu dzɔm, ale be ame aɖeke mate ɖe eŋu, ana be nye dɔmedzoe nafla, eye matsrɔ̃ Israel dukɔ la o.”
54 Ale Israelviwo wɔ se siwo katã Yehowa de na Mose la dzi pɛpɛpɛ.