4
Ŋusẽdoamenyawo
Nɔvi kristotɔ lɔlɔ̃awo, melɔ̃ mi, eye medi vevie be mava kpɔ mi ɖa, elabena miawoe nye nye dzidzɔkpɔkpɔ kple nye fiakuku si maxɔ ɖe nye dɔwɔwɔwo ta. Eya ta xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, minɔ te sesĩe le Aƒetɔ la me.
Nuxlɔ̃amenya
Meɖe kuku na Ewodia, eye mele kuku ɖem na Sintike hã be woƒe tamesusu nanɔ ɖeka le Aƒetɔ la me. Megale biabiam tso mi, nye hadɔwɔlawo si be miana kpekpeɖeŋu nyɔnu siawo, elabena wowɔ dɔ kplim aduadu le nyanyui la kaka na ame bubuwo me; eye wowɔ dɔ kple Klemens kple nye dɔwɔhati bubu siwo ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me la hã.
Mikpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la me ɣe sia ɣi. Megale egblɔm ake be, “Dzi nedzɔ mi!” Mina ame sia ame nade dzesi miaƒe tufafa. Miɖo ŋku edzi be Aƒetɔ la ƒe vava gogo. Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o; ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe kpakple akpedada gblɔ miaƒe hiahiãwo na Mawu. Eye Mawu ƒe ŋutifafa si ƒo nugɔmesesewo katã ta la adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe susuwo ŋu le Kristo Yesu me.
Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, nu siwo nye nyateƒe, nu siwo dze na bubu, nu siwo nyo, nu siwo le dzadzɛe, nu siwo dze na lɔlɔ̃, nu siwo nya kpɔna, nu siwo dze na kafukafu, ne nane li si nyo, eye wòdze na kafukafu la, mibu nu siawo ŋu. Miwɔ nu siwo katã miesrɔ̃ tso gbɔnye alo miexɔ tso gbɔnye alo miese tso gbɔnye, alo kpɔ le menye la, eye Mawu ƒe ŋutifafa anɔ anyi kpli mi.
10 Mekpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la me vevie be, mlɔeba la, miegadze ŋkuɖoɖo dzinye gɔme. Le nyateƒe me la, mietsɔ ɖe le eme nam, gake ɖeko miekpɔ mɔnu be miaɖee afia o. 11 Nyemele nya sia gblɔm ɖe esi mele hiã me la ta o, elabena mesrɔ̃ ale si manɔ agbee nenye be nu geɖe alo nu sue aɖe le asinye. 12 Menya ale si manɔ agbee, ne naneke mele asinye o, alo ne nu geɖe le asinye hã. Mesrɔ̃ dzidzemekpɔkpɔ ƒe nu ɣaɣla le go ɖe sia ɖe me, le ƒoɖiɖi me alo le dɔwuame me, le nukpɔkpɔ geɖe me alo le hiã me. 13 Mate ŋu awɔ nu sia nu to eya, ame si doa ŋusẽm la me.
14 Ke hã la, miewɔe nyuie be mienaa kpekpeɖeŋum le nye fukpekpewo me. 15 Gawu la, abe ale si mi Filipitɔwo mienya ene be esi miese nyanyui la zi gbãtɔ esi tso Makedonia la, hame bubu aɖeke menye nye hadɔwɔlawo le nunana kple nuxɔxɔ me o, negbe miawo ko. 16 Esi menɔ hiahiã me le Tesalonika gɔ̃ hã la, mieɖo nu ɖem zi geɖe. 17 Menye ɖe mele nunana aɖeke dim tso mia gbɔ o, ke boŋ mele didim be nu nasɔ gbɔ ɖe edzi na mi. 18 Mexɔ fetu geɖe si wu gbɔgblɔ; mexɔ nunanawo fũu. Esi Epafrodito va la, etsɔ nunana gbogbo siwo mieɖo ɖem la vɛ nam. Nunana siawo nye vɔsanu ʋeʋĩ lĩlĩlĩ si dzea Mawu ŋu. 19 Eye nye Mawu ana miaƒe nuhiahiãwo katã mi tso eƒe ŋutikɔkɔekesinɔnuwo me, le Kristo Yesu me.
20 Ŋutikɔkɔe woana mía Mawu Fofo la, tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen.
 
Nuwuwugbedonamewo
21 Medo gbe na ame kɔkɔewo le Yesu Kristo me.
Nɔvi siwo le gbɔnye la hã do gbe na mi.
22 Ame kɔkɔe ɖe sia ɖe si le afi sia la di be mado gbe na mi na yewo, vevietɔ esiwo le dɔ wɔm le Kaisaro ƒe aƒe me.
 
23 Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔwo.