Psalmo 4
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu.
Nye Mawu dzɔdzɔetɔ,
tɔ nam ne meyɔ wò.
Na gbɔdzɔem le nye xaxa me;
kpɔ nye nublanui, eye nàse nye gbedodoɖa.
 
O! Amegbetɔviwo, va se ɖe ɣe ka ɣie
miaɖi gbɔ̃ nye ŋutikɔkɔe?
Va se ɣe ka ɣie mialɔ̃ beble,
ahadze aʋatsomawuwo yome?
Sela
Minyae be Yehowa tia mawuvɔ̃lawo na eɖokui,
eya ta Yehowa asee, ne meyɔe.
 
Migawɔ nu vɔ̃ ne dzi ku mi o;
ne miele miaƒe abawo dzi la,
midzro miaƒe dziwo me, eye mizi ɖoɖoe.
Sela
Misa vɔ siwo le dzɔdzɔe,
eye miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu.
 
Ame geɖewo le biabiam be, “Ame kae afia nu nyui aɖe mí?”
Na wò mo ƒe kekeli naklẽ ɖe mía dzi, O! Yehowa.
Ètsɔ dzidzɔ gã aɖe yɔ nye dzi me wu ame siwo bli
kple wain yeye do agbogbo na.
 
Mamlɔ anyi, adɔ alɔ̃ le ŋutifafa me,
elabena wò, Yehowa, koe na mele dedie.