Psalmo 8
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe gitit ƒe gbeɖiɖi nu.
O Yehowa, míaƒe Aƒetɔ,
aleke wò ŋkɔ ƒe gãnyenye yɔ anyigba katã dzi ale!
 
Èɖo wò ŋutikɔkɔe anyi
ɖe dziƒowo tame.
Èɖo kafukafu anyi ɖe ɖeviwo
kple vi nonowo ƒe nu me le wò futɔwo ta be
nàmia nu na futɔ kple hlɔ̃biala la.
Ne mekpɔ wò dziƒowo,
siwo nye wò asinudɔwɔwɔwo,
ne mekpɔ ɣleti kple ɣletiviwo,
nu siwo nètsɔ ɖo wo nɔƒee la,
Nu kae nye amegbetɔ be wò ŋkuwo le eŋuti
kple amegbetɔvi be nèléa be nɛ?
 
Èwɔe wòsɔ kple Mawu kloe,
eye nètsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ.
Èwɔe be wòanye agbo ɖe wò asinudɔwɔwɔ dzi;
eye nètsɔ nu sia nu de eƒe afɔ te.
Alẽhawo, nyihawo,
gbemelãwo,
dziƒoxeviwo, ƒumelãwo
kple nu siwo katã ƒua tsi
le atsiaƒu me la le eƒe kpɔkplɔ te.
 
O Yehowa, míaƒe Aƒetɔ,
aleke wò ŋkɔ ƒe gãnyenye yɔ anyigba katã dzi ale!