Psalmo 11
David ƒe ha na hɛnɔ la.
Yehowae mesi tso.
Aleke miele gbɔgblɔm nam be,
“Dzo abe xevi ene nàyi ɖe wò to dzi?
Elabena kpɔ ɖa, ame vɔ̃ɖiwo he woƒe da me;
wotsɔ woƒe aŋutrɔwo ɖo datikawo ŋuti be
woada ame siwo dza le woƒe dzi me la le blukɔ me.
Esi wole gɔmeɖokpeawo gbãm la,
nu ka dzɔdzɔetɔ la awɔ?”
 
Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me;
Yehowa le eƒe fiazikpui dzi le dziƒo.
Elé ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu,
eye wòdo wo kpɔ.
Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna,
ke eƒe luʋɔ tsri ame vɔ̃ɖiwo
kple ame siwo lɔ̃a ŋutasesẽ.
Ana dzoka xɔxɔ kple aŋɔ dzodzoe nadza ɖe
ame vɔ̃ɖiwo dzi, eye ya xɔdzo anye wo tɔ gome.
 
Elabena Yehowae nye dzɔdzɔetɔ, elɔ̃a nuteƒewɔwɔ;
ame siwo dza le woƒe dzi me la akpɔ eƒe ŋkume.