Psalmo 20
David ƒe ha na hɛnɔ la.
Yehowa netɔ na wò ne èɖo xaxa me;
Yakob ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ nanye ŋuwòdzɔla.
Neɖo kpekpeɖeŋu ɖe wò tso kɔkɔeƒe la,
eye wòaɖo xɔname ɖe wò tso Zion.
Neɖo ŋku wò vɔsawo katã dzi,
eye wòaxɔ wò numevɔsawo.
Sela
Nena nu si wò dzi di la wò,
eye wòana wò ɖoɖowo katã nadze edzi na wò.
Míado dzidzɔɣli ne èɖu dzi, eye míakɔ míaƒe aflagawo dzi
le míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me.
 
Yehowa awɔ nu siwo katã nèbiae la na wò.
 
Azɔ menya be Yehowa ɖe eƒe amesiamina,
etɔ nɛ tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la
kple eƒe nuɖusi ƒe ŋusẽ, si wòtsɔna ɖea amee.
Ame aɖewo ɖoa ŋu ɖe tasiaɖamwo ŋu,
eye ame aɖewo ɖoa dzi ɖe sɔwo ŋu,
ke míawo ya míeɖo dzi ɖe Yehowa,
míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ ŋu.
Ame mawo la, wodzea klo, eye wodzea anyi,
ke míawo ya, míenɔa tsitre, eye míedzɔna kã.
O! Yehowa, xɔ na fia la!
Tɔ na mí ne míeyɔ wò!