Psalmo 22
David ƒe ha na hɛnɔ la, ne woadzi ɖe “Zinɔ le ŋdi kanyaa” ƒe gbeɖiɖi nu.
Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi?
Nu ka ta nèle adzɔge ʋĩi na xɔxɔ nam,
eye nète ɖa xaa tso nye hũɖeɖe gbɔ?
O! Nye Mawu, medo ɣli na wò le ŋkeke
kple zã me; megale edzi ko,
gake mètɔ nam o.
 
Ke wò la, èle kɔkɔe, eye Israel ƒe kafukafuhawo zu
fiazikpui nènɔ anyi ɖe edzi gli.
Mewòe mía fofowo tsɔ woƒe xɔse dee,
woka ɖe dziwò, eye nèɖe wo.
Wodo ɣli na wò, eye nèɖe wo,
dziwòe woka ɖo, eye ŋu mekpe wo o.
 
Ke nye la, ŋɔ menye, menye amegbetɔ o,
elabena amewo ɖu fewu le ŋunye, eye wodo vlom.
Ame siwo katã kpɔm la ɖe alɔme le ŋunye;
woflɔa dzu ɖe dzinye, eye woʋuʋua ta ɖe ŋunye gblɔna be:
“Eka ɖe Yehowa dzi,
Yehowa neɖee míakpɔ.
Yehowa neɖee, elabena eƒe nu nyo eŋu.”
 
Ke wòe hem tso vidzidɔ me,
eye le danye ƒe no nu ke, èna meka ɖe dziwò.
10 Wòe nye nye Mawu tso danye ƒe dɔ me
ke, eye tso ɖevime wotsɔm de asi na wò.
 
11 Mèganɔ adzɔge tso gbɔnye o,
elabena xaxa tum,
eye ame aɖeke meli axɔ nam o.
 
12 Nyitsu geɖewo ɖe to ɖem;
Basan nyitsu sesẽwo ƒo xlãm.
13 Woke woƒe nuwo ɖe ŋunye baa
abe dzata si le gbe tem hele nu si wòlé la vuvum ene.
14 Woƒom ɖe anyi abe tsi ene,
eye nye ƒuwo katã gli le woƒe kpeƒewo.
Nye dzi lolõ ɖe dɔ me nam gbanaa hesi to menye.
15 Ŋusẽ vɔ le ŋunye abe ze gbagbã ene,
eye nye aɖe lé ɖe nye nu me,
elabena ètsɔm mlɔ ku ƒe ʋuʋudedi me.
 
16 Avuwo ƒo xlãm,
ame vɔ̃ɖiwo ƒe ha ɖe to ɖem,
eye wotsɔ nu ŋɔ nye asiwo kple afɔwo.
17 Mate ŋu axlẽ nye ƒuwo,
amewo fɔ ŋku ɖe dzinye,
eye wokpɔ dzidzɔ le nye anyidzedze ŋuti.
18 Woma nye awuwo na wo nɔewo,
eye woda akɔ ɖe nye awu ʋlaya dzi.
 
19 Ke wò, O! Yehowa, mèganɔ adzɔge o;
O! Nye ŋusẽ, va kaba nàɖem.
20 Ɖe nye agbe tso yi ƒe asi me,
eye ɖe nye agbe xɔasi la tso avuwo ƒe ŋusẽ me.
21 Ɖem le dzatawo ƒe nu me,
eye nàɖem le towo ƒe dzowo nu.
 
22 Maɖe gbeƒã wò ŋkɔ na nɔvinyewo,
eye le amehawo dome, makafu wò.
23 Mi ame siwo vɔ̃a Yehowa, mikafui!
Mi, Yakob ƒe dzidzimeviwo, mide bubu eŋuti!
Misroe ɖa, mi Israel ƒe dzidzimeviwo!
24 Elabena menyɔ ŋu alo do vlo
ame siwo le fu kpem la ƒe hiãtuame o;
meɣla eƒe mo ɖee o,
ke boŋ eɖo to eƒe ɣlidodo na kpekpeɖeŋu.
 
25 Gbɔwòe nye kafukafuha si medzina
le ameha gãwo dome la ƒe tanya tsona.
Maxe nye adzɔgbeɖefewo
le ame siwo vɔ̃a wò la ŋkume.
26 Hiãtɔwo aɖu nu aɖi ƒo;
ame siwo dia Yehowa la akafui.
Miaƒe dziwo nenɔ agbe tegbee!
 
27 Anyigba ƒe mlɔenu katã hã aɖo ŋku edzi,
atrɔ ɖe Yehowa ŋu,
eye anyigbadzidukɔwo ƒe ƒomeawo katã
ava de ta agu ɖe eŋkume.
28 Elabena fiaɖuɖu la nye Yehowa tɔ,
eye wòɖu fia ɖe dukɔwo dzi.
29 Kesinɔtɔ siwo katã le anyigba dzi la
aɖu nu, eye woasubɔe;
ame siwo katã mate ŋu anɔ agbe o,
eye woyi ɖe ke ƒe tume la adze klo ɖe eŋkume.
30 Dzidzimewo asubɔe, eye dzidzime siwo ava dzɔ la,
woagblɔ nya na wo tso Aƒetɔ la ŋuti.
31 Woaɖe gbeƒã eƒe dzɔdzɔenyenye na
ame siwo meva dzɔ haɖe o,
elabena eyae wɔe.