Psalmo 25
David ƒe ha.
O! Yehowa,
wòe mekɔ nye luʋɔ ɖe dzi na.
 
O! Nye Mawu, ŋuwòe meɖo dzi ɖo.
Mègana ŋu nakpem,
alo nàɖe mɔ nye futɔwo naɖu dzinye o.
Ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe dziwò la,
ŋu makpee akpɔ gbeɖe o;
gake ŋu akpe ame siwo nye vivimenuwɔlawo.
 
O! Yehowa, fia wò mɔwo
kple wò toƒewom,
kplɔm le wò nyateƒe la me, eye nàfia num,
elabena wòe nye nye Mawu kple nye Ɖela,
eye nye mɔkpɔkpɔ le mewò ŋkeke blibo la katã.
O! Yehowa, ɖo ŋku wò lɔlɔ̃
kple wò nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la dzi,
elabena woli tso blema ke.
O! Yehowa, mègaɖo ŋku nye ɖekakpuimenu vɔ̃wo
kple nye aglãdzemɔwo dzi o;
ke boŋ ɖo ŋku dzinye le wò lɔlɔ̃ la ta,
elabena nyuiwɔwɔ le mewò.
 
Yehowa nyo, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe,
eya ta efiaa eƒe mɔ nu vɔ̃ wɔlawo.
Ekplɔa ɖokuibɔbɔlawo to nu dzɔdzɔe wɔwɔ me,
eye wòfiaa eƒe mɔ wo.
10 Yehowa ƒe mɔwo katã nye lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ na
ame siwo léa eƒe nubablamenyawo ɖe asi.
11 O! Yehowa, togbɔ be nye dzidada sɔ gbɔ ale gbegbe hã la,
tsɔ wo kem le wò ŋkɔ la ta.
 
12 Ekema ame kawoe nye ŋutsu ma siwo vɔ̃a Yehowa?
Afia nu wo le mɔ si woato la dzi.
13 Woakpɔ dzidzedze le woƒe agbemeŋkekewo me,
eye woƒe dzidzimeviwo anyi anyigba la ƒe dome.
14 Yehowa gblɔa nya ɣaɣlawo na ame siwo vɔ̃nɛ,
eye wòɖea eƒe nubabla fiaa wo.
15 Nye ŋkuwo le Yehowa ŋu ɖaa,
elabena eya koe aɖe nye afɔ le mɔ me.
 
16 Trɔ ɖe ŋunye ne nàve nunye,
elabena metsi akogo, eye hiã tum.
17 Nye dzi ƒe nuxaxawo do gã ɖe edzi,
na vovom tso nye vevesesewo me.
18 Nye kɔ nàkpɔ nye nuxaxa kple nye vevesese ɖa,
eye nàɖe nye nu vɔ̃wo katã ɖa.
19 Kpɔ ale si nye futɔwo dzi ɖe edzii ɖa,
eye nàkpɔ ale si wolé fum ɖikaɖikae ɖa!
 
20 Kpɔ nye agbe ta, eye nàɖem;
megana ŋu nakpem o, elabena mewòe mebe ɖo.
21 Nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye nedzɔ ŋunye,
elabena nye mɔkpɔkpɔ le mewò.
 
22 O! Mawu,
ɖe Israel tso woƒe xaxawo katã me.