Psalmo 28
David ƒe ha.
O! Yehowa, nye Agakpe,
wò yɔm mele, mègado tokum o.
Elabena ne èzi ɖoɖoe la,
manɔ abe ame siwo yi aʋlime la ene.
Esi mekɔ nye asiwo dzi ɖo ɖe wò Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔƒe la gbɔ la,
se nye ɣlidodo na nublanuikpɔkpɔ,
ne meyɔ wò be nàxɔ nam.
 
Mègakplɔm kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu o,
ame siwo ƒoa nu kple aƒelikawo fafɛ,
gake vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le woƒe dzi me.
Ɖo eteƒe na wo le woƒe nuwɔnawo
kple woƒe dɔwɔwɔ vɔ̃wo ta.
Xe fe na wo ɖe nu si woƒe asiwo wɔ la nu,
eye nàgbugbɔ tohehe si wodze na la ahe va wo dzii.
 
Esi womede bubu Yehowa ƒe nuwɔnawo
kple eƒe asinudɔwo ŋuti o ta la,
àgbã wo aƒu anyi,
eye màgbugbɔ wo atu akpɔ gbeɖe o.
 
Woakafu Yehowa, elabena ese ɣli si dom mele
le nublanuikpɔkpɔ biam.
Yehowae nye nye ŋusẽ kple akpoxɔnu;
nye dzi ka ɖe eya amea dzi, eye wòɖem.
Nye dzi ti kpo le dzidzɔkpɔkpɔ ta,
eye mada akpe nɛ to hadzidzi me.
 
Yehowae nye eƒe dukɔ ƒe ŋusẽ;
ɖeɖe ƒe mɔ sesẽ wònye na eƒe amesiamina.
Ɖe wò dukɔ, eye nàyra wò domenyinu;
nànye woƒe kplɔla, eye nàkɔ wo ɖe akɔnu tegbetegbe.