Psalmo 31
David ƒe ha na hɛnɔ la.
O! Yehowa, mewòe mebe ɖo;
mègana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o;
ɖem le wò dzɔdzɔenyenye la ta.
Ƒu to anyi ɖe ŋunye, va kaba nàɖem,
nànye nye xɔxɔ ƒe agakpe
kple mɔ sesẽ ne nàɖem.
Le wò ŋkɔ la ta, kplɔm, eye nàfia mɔm,
elabena wòe nye nye agakpe kple mɔ sesẽ.
Ɖem le mɔ si woɖo ɖi nam la me,
elabena wòe nye nye mɔ sesẽ.
Asiwò me metsɔ nye gbɔgbɔ de, eya ta Yehowa,
nyateƒe ƒe Mawu, va nàɖem.
 
Metsri ame siwo ku ɖe legba maɖinuwo ŋu;
ke nye la meku ɖe Yehowa ŋu.
Makpɔ dzidzɔ, eye matso aseye le wò lɔlɔ̃ la me,
elabena èkpɔ nye hiã henya nye luʋɔ ƒe nuxaxa.
Mètsɔm de asi na nye futɔ o,
ke boŋ èɖo nye afɔ gbadzaƒe.
 
O! Yehowa, kpɔ nublanui nam,
elabena nye dzi ʋu dzo,
nuxaxa na nye ŋkuwo dzi wɔ dɔ̃ɔ,
eye konyifafa na nye luʋɔ kple ŋutilã gbɔdzɔ.
10 Vevesese sɔŋ yɔ nye agbe me,
eye ŋeŋe xɔ nye agbenɔƒewo me.
Ŋusẽ vɔ le ŋunye le nye fukpekpewo ta,
eye nye ƒuwo hã nyunyɔ ɖe lãme nam.
11 Le nye futɔwo ƒe nuwɔnawo ta mezu alɔmeɖenu na nye
aƒelikawo vevie ŋutɔ.
Mezu ŋɔdzinu na xɔ̃nyewo,
eye ame siwo do gom le mɔtata dzi la sina le nunye.
12 Woŋlɔm be abe ɖe meku xoxo ene,
ale mezu ze gbagbã.
13 Mese ame geɖewo ƒe ameŋugblẽnyawo;
ŋɔdzi ɖe to ɖem, wode adaŋu tso ŋunye,
eye woɖo nugbe be yewoaɖe nye agbe ɖa.
 
14 Ke wò, Yehowa, dzie meka ɖo;
megblɔ be, “Wòe nye nye Mawu.”
15 Nye ɣeyiɣiwo le asiwò me;
ɖem tso nye futɔwo kple ame siwo
le yonyeme tim la ƒe asi me.
16 Na wò mo naklẽ ɖe wò dɔla dzi,
ɖem le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta.
17 O! Yehowa, mègana ŋu nakpem o,
elabena wòe medo ɣli na;
ke na ŋu nakpe ame vɔ̃ɖiwo,
eye ɖoɖoe nazi le wo nu le yɔme.
18 De ga nu na woƒe alakpanuyiwo,
elabena wotsɔa dada
kple ɖekematsɔleme gblɔa nya vlo ɖe ame dzɔdzɔe ŋu.
 
19 Wò nu nyui siwo nèdzra ɖo ɖi na
ame siwo vɔ̃a wò la lolo ŋutɔ.
Nu nyui siwo nèkɔ ɖe ame siwo
si wò tso dzi le amewo ƒe ŋkume la lolo.
20 Èɣla wo ɖe ɣaɣlaƒe si le gbɔwò,
tso amewo ƒe ayemenuwo gbɔ.
Èɣla wo ɖe nɔwòƒe be
woanɔ dedie tso aɖeɖiƒoame gbɔ.
 
21 Woakafu Yehowa,
elabena eɖe eƒe nukulɔlɔ̃ la fiam
le esime mele du si ŋu woƒu kpo ɖo la me.
22 Megblɔ le nye dzikatsoƒo me be:
“Woɖem ɖa le wò ŋkume azɔ!”
Ke hã la, èse nye nublanuiɣlidodo
esi meyɔ wò be nàxɔ nam.
 
23 Milɔ̃ Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo!
Yehowa kpɔa nuteƒewɔlawo ta,
ke eɖoa eteƒe na dadalawo wòsɔa gbɔ dea
woƒe nuwɔnawo nu.
24 Misẽ ŋu, eye milé dzi ɖe ƒo, mi ame siwo katã tsɔ
miaƒe mɔkpɔkpɔ de Yehowa me.