Agbalẽ evelia
42
Psalmowo 42–72
Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la.
Ale si zinɔ ƒe ve me ƒunae ɖe tɔʋuwo ŋu la,
O! Mawu, nenemae nye luʋɔ le diwòm.
Tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe Mawu ŋu,
ɖe Mawu gbagbe la ŋu.
Ɣe ka ɣi mayi aɖado go Mawu?
Nye aɖatsiwo zu nuɖuɖu nam zã kple keli,
evɔ amewo le gbɔgblɔm nam ŋkeke blibo la be,
“Afi ka wò Mawu la le?”
Nu siawo dzi meɖo ŋkue esi meyi ɖokuinye me.
Tsã la, nyee kplɔa amehawo;
menɔa ŋgɔ kplɔa wo yina ɖe gbedoxɔ me,
eye dzidzɔɣli kple kafukafuhawo dea dzi
le ŋkekenyuiɖulawo dome kɔtɔɔ.
O! Nye luʋɔ, nu ka ŋuti nèle nu xam?
Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo?
Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi,
elabena magakafui,
eya ame si nye nye Ɖela
kple nye Mawu.
Nye luʋɔ le nu xam le menye,
eya ta maɖo ŋku dziwò le Yɔdanyigba dzi,
le Hermon tame ke kple Mizar to dzi.
Tɔ goglo yɔa tɔ goglo le wò tsitsetsewo ƒe howɔwɔ me;
wò tsitsotsoewo kple tsi kpakawo ŋe tsyiɔ dzinye.
Le ŋkeke me la, Yehowa ɖoa eƒe lɔlɔ̃ ɖem,
le zã me la eƒe ha nɔa nunyeme,
eye wònyea gbedodoɖa na nye agbe ƒe Mawu la.
Megblɔ na Mawu, nye Agakpe la be,
“Nu ka ta nèŋlɔm be ɖo?
Nu ka ta manɔ yiyim, anɔ nu xam
le nye futɔwo ƒe teteɖeanyi ta ɖo?”
10 Nye ƒuwo le veve sem, eye nye ketɔwo
le alɔme ɖem le ŋunye,
le gbɔgblɔm nam ŋkeke blibo la be,
“Afi ka wò Mawu la le?”
11 O! Nye luʋɔ, nu ka ta nèle nu xam ɖo?
Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo?
Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi,
elabena magakafui,
eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu.