Psalmo 47
Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la.
Miƒo asikpe, mi dukɔwo katã.
Mitso aseye ɖe Mawu ŋu kple ɣli.
 
Ŋɔdzi le Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ŋu ale gbegbe,
eyae nye Fiagã ɖe anyigba la katã dzi!
Ebɔbɔ dukɔwo ɖe mía te,
eye wòtsɔ anyigbadzitɔwo de míaƒe afɔ te.
Etia míaƒe domenyinu na mí si nye dada na Yakob,
ame si wòlɔ̃.
Sela
 
Mawu yi dzi kple aseyetsotso,
Yehowa yi dzi kple kpẽ ƒe ɖiɖi.
Midzi kafukafuhawo na Mawu,
midzi kafukafuhawo;
midzi kafukafuhawo na míaƒe Fia la,
midzi kafukafuhawo,
elabena Mawue nye Fia ɖe anyigba blibo la dzi,
midzi kafukafuha nɛ.
 
Mawu ɖu fia ɖe dukɔwo dzi.
Mawu nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui kɔkɔe la dzi.
Dukɔwo ƒe bubumewo ɖi anyi
abe Abraham ƒe Mawu la ƒe amewo ene,
elabena anyigbadzifiawo nye Mawu tɔ,
elabena wodo eya amea ɖe dzi bobobo.